Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 12:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 amesiwo le towo dzi, gbadzaƒe, tagba, towo ŋu kple gbegbe kpakple dziehe, siwo nye Xititɔwo, Amoritɔwo, Kanaanitɔwo, Perizitɔwo, Xiwitɔwo kple Yebusitɔwo:

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

8 Teƒe siwo le toawo dzi, togbɛ ɣedzeƒetɔwo dzi, Yɔdan ƒe balime kple eƒe togbɛwo dzi, ɣedzeƒetowo kɔgo kple Negebnyigba la katã le anyigba sia me. Hititɔwo, Amoritɔwo, Kanaantɔwo, Perizitɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo nɔ anyigba sia dzi tsã. Israelviwo ɖu du siawo ƒe fiawo dzi:

Onani mutuwo Koperani




Yosua 12:8
14 Mawu Ofanana  

Xiwitɔwo, Arkitɔwo kple Sinitɔwo,


Eye Abram le ʋuʋum le dziehe gome yim ʋeʋeʋe.


Eye dzre dzɔ ɖe Abram ƒe lãnyilawo kple Lot ƒe lãnyilawo dome. Ke Kanaanitɔwo kple Perizitɔwo hã nɔ anyigba la dzi le ɣemaɣi me.


Ne nye ɖɔla dze ŋgɔwò, eye wòkplɔ wò va Amoritɔwo, Xititɔwo, Perizitɔwo, Kanaanitɔwo, Xiwitɔwo kple Yebusitɔwo gbɔ, eye metsrɔ̃ wo la,


Eye meɖi va, be maɖe wo le Egiptetɔwo si me, eye makplɔ wo atso anyigba sia dzi ayi ɖe, anyigba, si nyo, eye wòlólo la dzi, anyigba, si dzi notsi kple anyitsi bɔ do, afisi Kanaanitɔwo. Xititɔwo, Amoritɔwo, Perizitɔwo, Xiwitɔwo kple Yebusitɔwo le.


Ne Yehowa, wò Mawu, akplɔ wò ava anyigba, si dzi yim nèle, be naxɔe wòanye tɔwo la dzi, eye wòanya dukɔ geɖewo ɖa le ŋgɔwò: Xititɔwo, Girgasitɔwo, Amoritɔwo, Kanaanitɔwo, Perizitɔwo, Xiwitɔwo kple Yebusitɔwo, dukɔ adre, siwo sɔ gbɔ, eye wosesẽ wu wò,


Israel, see, èle Yordan tso ge egbea, ne nayi aɖanyã dukɔ, siwo sɔ gbɔ, eye wosesẽ wu wò, eye naxɔ woƒe du, siwo lolo, eye wo ŋu gliwo kɔ ɖatɔ dziƒo la,


Ale Yosua du anyigba blibo la kple fia, siwo katã le towo dzi, dziehe, gbadzaƒe kple towo ŋu la dzi; mena amea ɖeke si o, eye wòtsrɔ̃ nu gbagbewo katã gbidigbidi, abe alesi Yehowa, Israel ƒe Mawu la, de se ene.


Ale Yosua xɔ anyigba blibo la, toawo kple dziehe gome katã, Gosen-nyigba blibo la kple gbadzaƒe la, tagba la kple Israel-toawo kpakple wo ŋu balimewo,


Eye Yosua gblɔ bena: Esia miatsɔ adze sii bena, Mawu gbagbe le mia dome, eye wòle Kanaanitɔwo, Xititɔwo, Xiwitɔwo, Perizitɔwo, Girgasitɔwo, Amoritɔwo kple Yebusitɔwo nyã ge da le mia ŋgɔ vavã.


Esi fia, siwo katã le towo dzi, gbadzaƒe kple ƒu gã la ŋu le Libanon kasa le Yordan ƒe go keme dzi, siwo nye Xititɔwo, Amoritɔwo, Kanaanitɔwo, Perizitɔwo, Xiwitɔwo kple Yebusitɔwo see la,


Emegbe Yuda-viwo ho yi ɖawɔ aʋa kple Kanaanitɔ, siwo le towo dzi kple dziehe kpakple gbadzaƒe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa