Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 12:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Esiawo nye anyigba dzi fia, siwo dzi Yosua kple Israel-viwo ɖu, le Yordan ƒe go si dzi le ɣeto ɖoƒe gome, tso Baal-Gad le Libanon ƒe bali me vaseɖe to tamekokoe, siwo ɖo ta Seir la gbã; eye Yosua tsoe na Israel-toawo wo tɔ wo tɔe, ne wòanye wo tɔ,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

7 Fia siwo ƒe anyigba Yosua kple Israelviwo xɔ le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣetoɖoƒe la ƒe ŋkɔwoe nye esiwo gbɔna. Anyigba la tso Baal Gad le Lebanon ƒe balime yi Balak to la gbɔ le Seir to la ƒe ɣetoɖoƒe. Yosua tsɔ anyigba sia na Israelviwo ƒe to bubuawo me tɔwo.

Onani mutuwo Koperani




Yosua 12:7
16 Mawu Ofanana  

kple Xoritɔwo le woƒe to Seir dzi vaseɖe El-Paran, si te ɖe gbedzi lɔƒo.


Eye esi Yakob kpɔ wo la, egblɔ be Mawu ƒe asaɖa enye esia! Eyata wòyɔ teƒe ma be Maxanaim.


Esiawo nye Xoritɔ Seir, amesi nɔ anyigba la dzi tsã la, ƒe viŋutsuwo Lotan, Sobal, Zibeon, Ana,


amegã Dison, amegã Ezer kple amegã Disan. Esiawo nye Xoritɔwo ƒe amegãwo le Seir-nyigba la dzi le woƒe duawo nu.


Eye Esau nɔ Seir-to la dzi. Esau enye Edom.


Amoritɔwo ƒe fia Sixon, Basan-fia Og kple Kanaan-fiaduƒewo katã,


Tete mietrɔ, eye miehe ɖo ta gbedzi heto Avaƒu gbɔ mɔ, abe alesi Yehowa gblɔ nam ene, eye mietrɔ Seir-to la ta eteƒe didi.


Eye de se na dukɔ la bena: Miele mia nɔvi Esau-viwo, amesiwo le Seir la, ƒe anyigba dzi to ge, eye wole mia vɔ̃ ge, ke mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie,


tso to tamekokoe, siwo ɖo ta Seir la gbɔ vaseɖe Baal-Gad le Libanon ƒe bali me le Xermon-to la te, eye wòɖe aboyo woƒe fiawo katã hewu wo.


Ale Yosua xɔ anyigba blibo la, abe alesi Yehowa gblɔ na Mose pɛpɛpɛ ene, eye Yosua mãe na Israel, to sia to kple etɔ, eye anyigba la kpɔ gbɔdzɔe tso aʋawɔwɔ me.


Eye nunɔla, siwo tsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la, tɔ ɖe tsitre sesĩe le ƒuƒuiƒe le Yordan titina, vaseɖe esime dukɔ blibo la va Yordan godo.


Esi fia, siwo katã le towo dzi, gbadzaƒe kple ƒu gã la ŋu le Libanon kasa le Yordan ƒe go keme dzi, siwo nye Xititɔwo, Amoritɔwo, Kanaanitɔwo, Perizitɔwo, Xiwitɔwo kple Yebusitɔwo see la,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa