Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 12:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Yehowa ƒe dɔla Mose kple Israel-viwo ɖu wo dzi, eye Yehowa ƒe dɔla Mose tsɔe na Ruben-viwo, Gad-viwo kple Manase ƒe to afã wònye wo tɔ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

6 Mose kple Israelviwo tsrɔ̃ ame siawo xoxo, eye Mose tsɔ anyigba la na Ruben ƒe viwo kple Manase ƒe viwo ƒe afã.

Onani mutuwo Koperani




Yosua 12:6
11 Mawu Ofanana  

Geber, Uri vi, le Gilead-nyigba, si nye Amoritɔwo ƒe fia Sixon kple Og, Basan-fia, ƒe anyigba la nu; dzikpɔla ɖeka le anyigba la nu.


eye Mose gblɔ na wo bena: Ne Gad-viwo kple Ruben-viwo katã abla akpa le Yehowa ŋku me ayi aʋa kpli mi le Yordan godo, eye anyigba: la ana ta mi la, ekema mitsɔ Gilead-nyigba na wo, ne wòanye wo tɔ.


Míabla akpa le Yehowa ŋku me ayi Kanaan-nyigba dzi, bena miaƒe domenyinu nanɔ Yordan ƒe go si dzi.


Eye Mose tsɔ Sixon, Amori-fia ƒe fiaduƒe kple Og, Basan-fia ƒe fiaduƒe, anyigba la kple edzi duwo kpakple eŋu liƒowo na Gad-viwo kple Ruben-viwo kpakple Yosef vi, Manase ƒe to afã.


Elabena Mose na anyigba to eve kple afã ɖe Yordan godo; ke mena anyigbaa ɖeke Lewi-viwo ɖe wo dome o.


Ke Lewitɔwo mexɔ gomea ɖeke ɖe mia dome o, elabena Yehowa ƒe nunɔladɔ enye woƒe domenyinu, eye Gad, Ruben kple Manase ƒe to afã xɔ woƒe anyigba, si Yehowa ƒe dɔla Mose na wo la, ɖe Yordan godo le ɣedzeƒe.


Ke azɔ Yehowa, mia Mawu, na mia nɔviwò kpɔ gbɔdzɔe, abe alesi wòdo ŋugbe na wo ene; eyata migbugbɔ yi miaƒe agbadɔwo me le miaƒe anyigba, si Yehowa ƒe dɔla Mose na mi le Yordan godo la dzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa