Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 12:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 tso gbadzaƒe heyi Kinerot-ƒu la nu le ɣedzeƒe heva tagbaƒu, si nye Dzeƒu la nu, le ɣedzeƒe heɖo ta Bet-Yesimot, vaseɖe Pisga ƒe aga nu le dziehe.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 Anyigba si tso Araba yi Galilea ƒu la ƒe ɣetoɖoƒeliƒo dzi heyi anyigbeme ɖatɔ Araba ƒu si nye (Dzeƒu la) heɖo ta Bet Yesimot, va se ɖe Pisga towo ƒe dziehe ŋu la hã nɔ Fia Sixɔn te.

Onani mutuwo Koperani




Yosua 12:3
15 Mawu Ofanana  

Nenem me siawo katã bla nu va Sidim-gbadzaƒe, afisi Dzeƒu le azɔ.


Eye wotsrɔ̃ du siawo kple nuto ma me katã; dua me nɔlawo tsrɔ̃, eye nusiwo miena ɖe anyigba dzi hã gblẽ.


Tete Ben-Hadad ɖo to fia Asa ƒe gbe, eye wòdo eƒe aʋafia ɖo ɖe Israel-duwo me, eye wòsi Iyon, Dan, Abel-Bet-Maaxa kple Kinerot blibo la hekpe ɖe Naftali-nyigba blibo la ŋu.


eyata kpɔ ɖa, maʋu Moab ƒe abɔta, si nye eƒe duwo, eƒe duwo le goawo katã me, Bet-Yesimot-nyigba ƒe nu vevi, Baal-Meon kple Kiryatayim,


Tso Bamot wova bali la me le Moab-nyigba dzi, le Pisga, si dze ŋgɔ gbegbe la gbɔ.


Eye liƒo la natso Sefam ato Ribla le Ain ƒe ɣedzeƒe gome, eye liƒo la nazɔ Kineret-ta ƒe ɣedzeƒekpa ŋu.


Eye wòva ve me, esi ameha la mimii ɖo, be wòase mawunya la bena, ye ŋutɔ le tsitre ɖe Genezaret-ta la nu;


Nusiawo megbe la Yesu dzo yi ɖe Galilea-ƒu, si nye Tiberia-ƒu la godo.


hekpe ɖe tagba la kple Yordan ŋu, si enye liƒo tso Kineret vaseɖe tagbaƒu, si enye Dzeƒu la nu, le Pisga ƒe aganu le ɣedzeƒe gome.


kpakple tagba blibo, si le Yordan ƒe go keme dzi, le ɣedzeƒe gome vaseɖe tagbaƒu la gbɔ, le Pisga ƒe aganu.


kple fia, siwo le anyiehe gome le towo dzi, tagba, si le Kinerot ƒe dziehe gome, gbadzaƒe kple Nafot-Dor le ɣetoɖoƒe


Bet-Peor, Pisga ƒe agawo kple Bet-Yesimot,


Woƒe dzieheliƒo tso Dzeƒu la ƒe mlɔenu, afisi ƒu la wɔ adɔ̃ nyẽ kpo ɖe dziehe gome le,


Ɣedzeƒeliƒo tso Dzeƒu la nu vaseɖe Yordan nu, eye anyieheliƒo tso adɔ̃, si le Yordan ƒe mlɔenu la nu


tete dzigbe gome tsi la mli kɔ ɖe kekeke Adam, du, si le Zaretan kasa la gbɔ, eye tsi, si sina yina ɖe tagbaƒu, si nye Dzeƒu me la, mie ƒiaƒiaƒia, eye dukɔ la ɖi go ɖe Yerixo kasa.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa