Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 12:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Esiawo nye anyigba dzi fia, siwo dzi Israel-viwo ɖu, amesiwo ƒe anyigba woxɔ le Yordan godo le ɣedzeƒe gome, tso Arnon-tɔʋu la nu vaseɖe Xermon-to la gbɔ kple gbadzaƒe blibo, si le ɣedzeƒe:

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

1 Fia siwo dzi Israelviwo ɖu le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo, ame siwo ƒe duwo wogbã tso keke Arnon tɔsisi la ƒe balime va yi Hermon to la gbɔ kple du siwo le gbegbe siwo le ɣedzeƒe la woe nye esiawo:

Onani mutuwo Koperani




Yosua 12:1
24 Mawu Ofanana  

Geber, Uri vi, le Gilead-nyigba, si nye Amoritɔwo ƒe fia Sixon kple Og, Basan-fia, ƒe anyigba la nu; dzikpɔla ɖeka le anyigba la nu.


Ele abe Xermon-zãmu, si le tsyɔtsyɔm ɖe Zion-towo dzi la ene; elabena gama Yehowa ɖo yayra kple agbee tegbee.


eye wòtsɔ woƒe anyigba wɔ domenyinui, elabena eƒe amenuveve li tegbee;


Tɔwòe nye dziƒo, tɔwòe nye anyigba hã, xexeame kple eme nuwo, wòe ɖo wo gɔme anyi.


Moab-nyɔnuviwo anɔ abe xevi, si wonyã le atɔ me wòsi ene le Arnon ƒe tɔtsoƒe.


Eye woho tso afima heva gbedzi le Arnon, si dzɔ tso Amoritɔwo ƒe anyigba dzi la nu. Arnon enye liƒo le Moabitɔwo kple Amoritɔwo dome.


Eye Israel dɔ amewo ɖo ɖe Sixon, Amori-fia gbɔ bena:


Ke Israel wu wo kple yi, eye wòxɔ woƒe anyigba la tso Arnon gbɔ vaseɖe Yabok nu heva ke ɖe Amon-viwo ŋu, elabena Yaezer enye Amon-viwo ƒe liƒo.


Míaxɔ domenyinu ɖe wo ti le Yordan godo o, elabena míaƒe domenyinu le Yordan ƒe go si dzi, le ɣedzeƒe gome.


Míabla akpa le Yehowa ŋku me ayi Kanaan-nyigba dzi, bena miaƒe domenyinu nanɔ Yordan ƒe go si dzi.


Eye Mose tsɔ Sixon, Amori-fia ƒe fiaduƒe kple Og, Basan-fia ƒe fiaduƒe, anyigba la kple edzi duwo kpakple eŋu liƒowo na Gad-viwo kple Ruben-viwo kpakple Yosef vi, Manase ƒe to afã.


Mitso míaho atso Arnon-tɔʋu la; kpɔ ɖa, metsɔ Amoritɔwo ƒe fia Sixon, amesi te Xesbon, kple eƒe anyigba de asi na wò! Dze anyigba xɔxɔ gɔme, eye nawɔ aʋa kplii!


Eye Sixon kple eƒe dukɔ blibo la ho aʋa va kpe mí le Yaza.


Eye mietrɔ dze mɔ ɖo ta Basan. Tete Og, Basan-fia, kple eƒe dukɔ blibo la ho aʋa va kpe mí le Edrei.


Esia nye se, si Mose tsɔ ɖo Israel-viwo ŋku me.


le Yordan ƒe go keme dzi, le tagba le Bet-Peor kasa, le Amoritɔwo ƒe fia Sixon, si nɔ Xesbon la, ƒe anyigba dzi, amesi Mose kple Israel-viwo si, le esime woʋu tso Egipte.


tso Aroer le Arnon-tɔʋu la nu vaseɖe Sion, si nye Xermon-to la gbɔ,


vaseɖe esime Yehowa ana mia nɔviwo hã nakpɔ gbɔdzɔe abe miawo ke ene; eye ne Yehowa, mia Mawu, tsɔ anyigba, si wòle wo na ge, na wo la, ekema miagbugbɔ ayi aɖaxɔ anyigba, si Yehowa ƒe ɖɔla Mose na mi le Yordan godo le ɣedzeƒe gome.


tso to tamekokoe, siwo ɖo ta Seir la gbɔ vaseɖe Baal-Gad le Libanon ƒe bali me le Xermon-to la te, eye wòɖe aboyo woƒe fiawo katã hewu wo.


kpakple Kanaanitɔ, siwo le ɣedzeƒe kple ɣetoɖoƒe. Amoritɔwo, Xititɔwo, Perizitɔwo kple Yebusitɔwo, siwo le towo dzi, kpakple Xiwitɔwo, siwo le Xermon te le Mizpa-nyigba dzi.


Elabena Manase ƒe afã, Ruben-viwo kple Gad-viwo xa woƒe anyigba, si Mose tsɔ na wo le Yordan godo le ɣedzeƒe, abe alesi Yehowa ƒe dɔla Mose tsɔe na wo ene:


Ke azɔ Yehowa, mia Mawu, na mia nɔviwò kpɔ gbɔdzɔe, abe alesi wòdo ŋugbe na wo ene; eyata migbugbɔ yi miaƒe agbadɔwo me le miaƒe anyigba, si Yehowa ƒe dɔla Mose na mi le Yordan godo la dzi.


Eye wòto gbedzi hetrɔ Edom-nyigba kple Moab-nyigba ta, eye wova ɖo Moab-nyigba ƒe ɣedzeƒe gome heƒu asaɖa anyi ɖe Arnon ƒe go keme dzi, ke womeva Moab-nyigba dzi o, elabena Arnon ye do liƒo na Moab.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa