Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 11:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Eye Yehowa tsɔ wo de asi na Israel, ale be wosi wo henyã wo ɖe nu vaseɖe Zidon, du gã la me, vaseɖe Misrefot-Mayim kple Mizpa-bali la me le ɣedzeƒe gome, eye wosi wo, vaseɖe esime amea ɖeke mekpɔtɔ o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

8 Yehowa tsɔ aʋakɔ gã ma de asi na Israelviwo, eye wonya wo va se ɖe keke Sidon du gã la me kple Misrefat Maim heyi Mizpa balime le ɣetoɖoƒe lɔƒo. Futɔwo dometɔ aɖeke metsi agbe o.

Onani mutuwo Koperani




Yosua 11:8
13 Mawu Ofanana  

Eye Kanaan dzi Zidon, eƒe ŋgɔgbevi, kple Xet,


Zebulon anɔ ƒutanyigbawo dzi le ʋudzeƒewo, eye eƒe liƒo ade Zidon ke.


Wòto Gilead heva Kades le Xititɔwo ƒe anyigba dzi, eye wova Dan hetrɔ ɖo ta Zidon.


Zidon, ŋu nekpe wò, elabena atsiaƒu, atsiaƒu ƒe mɔ̃ sesẽ gblɔ be: Fu meɖum o, nyemedzi vi o, eye nyemenyi ɖekakpuiwo kple ɖetugbiwo wotsi o.


hekpe ɖe Xamat, si ɖo liƒo nɛ, kple Tiro kpakple Zidon ŋuti, le, esi nunya le wo si ŋutɔ ta.


eye Yehowa, wò Mawu, tso wo de asi na wò nèɖu wo dzi la, ekema, natsrɔ̃ wo gbidigbidi, megabla nu kpli wo o, eye megave wo nu o.


Eyata nyae egbea bena, Yehowa, wò Mawu, si nye dzo binu la, dze ŋgɔwò yi toa godo, eya ŋuta atsrɔ̃ wo, eye woaɖu wo dzi le ŋgɔwò, be nanyã wo, eye natsrɔ̃ wo amloamlo, abe alesi Yehowa do ŋugbe na wò ene.


Eye esi Yosua kple Israel-viwo si wo vɔ hetsrɔ̃ wo, eye ame mlɔeawo si yi ɖe ɖu sesẽwo me la,


kpakple Kanaanitɔ, siwo le ɣedzeƒe kple ɣetoɖoƒe. Amoritɔwo, Xititɔwo, Perizitɔwo kple Yebusitɔwo, siwo le towo dzi, kpakple Xiwitɔwo, siwo le Xermon te le Mizpa-nyigba dzi.


Tete Yosua kple aʋawɔlawo katã va ƒo ɖe wo dzi le Merom-tɔ la nu kpoyi, eye wodze wo dzi.


tometɔwo katã, tso Libanon vaseɖe Misrefot-Mayim kpakple Zidonitɔwo katã. Nye ŋuta manyã wo le Israel-viwo ŋgɔ, dzidze nu, namãe na Israel-viwo ko, abe alesi mede se na wò ene.


va to Ebron, Rexob, Xamon kple Kana vaseɖe Zidon, ɖu gã la gbɔ.


Eye Yehowa na wokpɔ gbɔdzɔe le afisiafi, abe alesi wòka atam na wo fofowo pɛpɛpɛ ene; woƒe futɔwo katã dometɔa ɖeke menɔ te ɖe wo nu o, ke boŋ Yehowa tsɔ woƒe futɔwo katã de asi na wo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa