Mi dukɔwo, midze agbo, eye dzi neɖe le mia ƒo; mi amesiwo katã le didiƒe le anyigba dzi la, miƒu to anyi! Mibla ali dzi, eye dzi neɖe le mia ƒo, ẽ, mibla ali dzi, eye dzi neɖe le mia ƒo!
Ke Yehowa gblɔ na Yosua bena Megavɔ̃ wo o, elabena mana wo katã natsrɔ̃ le Israel ŋgɔ etsɔ wɔle siawo; natu ata na woƒe sɔwo, eye natɔ dzo woƒe tasiaɖamwo.