Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 11:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Tete woho kple woƒe aʋakɔwo katã kple sɔwo kpakple tasiaɖam geɖewo; wosɔ gbɔ abe ƒutake ene.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

4 Dukɔ siawo katã kplɔ woƒe aʋakɔwo vɛ, eye woƒo ƒu zu aʋakɔ gã ɖeka ɖe Israel ŋu. Aʋakɔ gã sia kple woƒe sɔwo kple tasiaɖamwo sɔ gbɔ abe ƒutake ene.

Onani mutuwo Koperani




Yosua 11:4
8 Mawu Ofanana  

eyata mayra wò geɖe ŋutɔ, eye viwòwo asɔ gbɔ fũ abe dziƒoɣletiviwo kple ƒutake ene, eye wò dzidzimeviwo atsɔ woƒe futɔwo ƒe duwo anyi domee.


Meɖe kuku, ɖem tso nɔvinye si me, tso Esau si me; elabena mele evɔ̃m be, ava dze dzinye, eye wòaɖe zi dadawo kple viwo dome.


Ke nye aɖaŋu enye si: Na Israel blibo la nakpe la ɖe ŋuwò tso Dan vaseɖe Beer-Seba, abe alesi ƒutake sɔ gbɔe ene, eye wò ŋutɔ naho kpli wo!


Yuda kple Israel sɔ gbɔ abe ƒulake ene; woɖua nu, noa nu, eye wokpɔa dzidzɔ.


Ame meawo ɖoa ŋu ɖe tasiaɖam kple sɔwo ŋu, ke míawo míeyɔa Yehowa, mía Mawu la, ƒe ŋkɔ.


Fia siawo katã ɖo gbe ɖi heva ƒu asaɖa anyi ɖe Merom-tɔ ta nu, be woawo aʋa kple Israel.


Eye Midiantɔwo kple Amalekitɔwo kpakple ɣedzeƒeviwo ƒu asaɖa anyi ɖe bali la me kpaŋkpaŋ abe ʋetsuviwo ene, eye woƒe kposɔ naneawo sɔ gbɔ abe ƒutake ene.


Eye Filistitɔwo kpe ta be, yewoawu aʋa kple Israel; tasiaɖamwo le akpe blaetɔ̃, sɔɖolawo le ame akpe ade, eye afɔzɔlawo sɔ gbɔ abe ƒutake ene. Eye woho va ƒu asaɖa anyi ɖe Mixmas gbɔ le Bet-Awen ƒe ɣedzeƒe gome.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa