Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 11:23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Ale Yosua xɔ anyigba blibo la, abe alesi Yehowa gblɔ na Mose pɛpɛpɛ ene, eye Yosua mãe na Israel, to sia to kple etɔ, eye anyigba la kpɔ gbɔdzɔe tso aʋawɔwɔ me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

23 Ale Yosua xɔ anyigba blibo la abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene. Etsɔe na Israelviwo abe woƒe domenyinu ene, eye wòmae ɖe toawo dome. Ale aʋawɔwɔ nu tso le anyigba la dzi.

Onani mutuwo Koperani




Yosua 11:23
20 Mawu Ofanana  

Ɖeviawo yi ɖaxɔ anyigba la wònye wo tɔ, eye nèbɔbɔ anyigbadzitɔ, siwo nye Kanaanitɔwo, de anyi le wo ŋku me; ètsɔ woƒe fiawo kple anyigba dzi dukɔwio siaa de asi na wo, ne woawɔ wo, alesi dze wo ŋu.


Miva kpa Yehowa ƒe nuwɔwɔwo, amesi doa aƒedo anyigba,


Dzra se, siwo maɖe na wò egbe la ɖo. Kpɔ ɖa, manyã Amoritɔwo, Kanaanitɔwo, Xititɔwo, Perizitɔwo, Xiwitɔwo kple Yebusitɔwo le ŋgɔwò.


Esia nye eƒe anyigba, si ana esi le Israel, bene nye amegãwo magate nye dukɔ ɖe anyi azɔ o, ke boŋ woatsɔ anyigba la ana Israel ƒe aƒe la ɖe woƒe towo nu.


Ke Yosua, Nun vi, amesi le gbɔwò la, ade afima; de dzi ƒo nɛ, elabena eyae amã anyigba la na Israel.


Ne Yehowa, wò Mawu, na nèkpɔ gbɔdzɔe tso wò futɔ, siwo katã ƒo xlã wò si me le anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge wòanye wò domenyinu dzi la, ekema tsrɔ̃ Amalek ŋkɔ da le dziƒoa te. Megaŋlɔe be o!


Eye Yosua wɔ aʋa kple fia siawo katã eteƒe didi.


Esiawo nye anyigba dzi fia, siwo dzi Yosua kple Israel-viwo ɖu, le Yordan ƒe go si dzi le ɣeto ɖoƒe gome, tso Baal-Gad le Libanon ƒe bali me vaseɖe to tamekokoe, siwo ɖo ta Seir la gbã; eye Yosua tsoe na Israel-toawo wo tɔ wo tɔe, ne wòanye wo tɔ,


Tete Yosua dzidze nu ɖe dzi na wo le Yehowa ŋku me le Silo, eye wòmã anyigba la na Israel-viwo wo tɔ wo tɔe.


Ke azɔ Yehowa, mia Mawu, na mia nɔviwò kpɔ gbɔdzɔe, abe alesi wòdo ŋugbe na wo ene; eyata migbugbɔ yi miaƒe agbadɔwo me le miaƒe anyigba, si Yehowa ƒe dɔla Mose na mi le Yordan godo la dzi.


Esi Yehowa na Israel kpɔ gbɔdzɔe tso eƒe futɔ, siwo katã ƒo xlãe godoo, si me eteƒe didi, eye Yosua tsi xɔ ƒe geɖe la,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa