Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 11:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 kple fia, siwo le anyiehe gome le towo dzi, tagba, si le Kinerot ƒe dziehe gome, gbadzaƒe kple Nafot-Dor le ɣetoɖoƒe

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 kple fia siwo nɔ tonyigba la dzi le dziehe le Araba, le Kineret kple esiwo nɔ Yɔdan tɔsisi la ƒe balime le Galilea ƒu la ƒe dziehe kple fia siwo nɔ ɣetoɖoƒetogbɛwo dzi le ƒuta, te ɖe Nafɔt Dor ŋu.

Onani mutuwo Koperani




Yosua 11:2
14 Mawu Ofanana  

Tete Ben-Hadad ɖo to fia Asa ƒe gbe, eye wòdo eƒe aʋafia ɖo ɖe Israel-duwo me, eye wòsi Iyon, Dan, Abel-Bet-Maaxa kple Kinerot blibo la hekpe ɖe Naftali-nyigba blibo la ŋu.


Ben-Abinadab tɔ enye Xor-nyigba blibo la; eya ɖe Salomo ƒe vinyɔnu Tatat;


Eye liƒo la natso Sefam ato Ribla le Ain ƒe ɣedzeƒe gome, eye liƒo la nazɔ Kineret-ta ƒe ɣedzeƒekpa ŋu.


Eye Maria tsi tre le ŋkeke siawo me, eye wòɖe abla yi to la dzi, ɖe Yuda-dua ɖe me;


Eye wòva ve me, esi ameha la mimii ɖo, be wòase mawunya la bena, ye ŋutɔ le tsitre ɖe Genezaret-ta la nu;


Ale Yosua du anyigba blibo la kple fia, siwo katã le towo dzi, dziehe, gbadzaƒe kple towo ŋu la dzi; mena amea ɖeke si o, eye wòtsrɔ̃ nu gbagbewo katã gbidigbidi, abe alesi Yehowa, Israel ƒe Mawu la, de se ene.


Tete Gibeontɔwo ɖo ame ɖo ɖe Yosua le Gilgal le asaɖa me gblɔ bena: Megaɖe asi le wò dɔlawo ŋu o, va mía gbɔ kaba naxɔ na mi, eye nakpe ɖe mía ŋu, elabena Amoritɔwo ƒe fia, siwo katã le towo dzi la, ƒo ta kpli ɖe mía ŋu.


Ale Yosua xɔ anyigba blibo la, toawo kple dziehe gome katã, Gosen-nyigba blibo la kple gbadzaƒe la, tagba la kple Israel-toawo kpakple wo ŋu balimewo,


Ɣemaɣi Yosua va tsrɔ̃ Enakitɔwo ɖa le toawo dzi le Xebron, Debir, Anab kple Yuda-towo kpakple Israel-towo katã dzi, eye Yosua tsrɔ̃ wo kple woƒe duwo gbidigbidi.


Dor-fia, si le Nafot-Dor la ɖeka, Gilgal-dukɔ vovovowo ƒe fia ɖeka,


tso gbadzaƒe heyi Kinerot-ƒu la nu le ɣedzeƒe heva tagbaƒu, si nye Dzeƒu la nu, le ɣedzeƒe heɖo ta Bet-Yesimot, vaseɖe Pisga ƒe aga nu le dziehe.


Bel-Haram, Bet-Nimra, Sukot kple Zafon, siwo le bali la me, woawo nye Sixon, Xesbon-fia, ƒe fiaɖuƒe kpɔtɔea, Yordan kple eŋu nyigba, vaseɖe Kineret-ta ƒe mlɔenu, le Yordan ƒe go keme dzi le ɣedzeƒe gome.


Du, siwo nye Manase tɔ, le Isaxar kple Aser gbɔ, wonye: Bet-Sean kple eƒe duwo, Yibleam kple eƒe duwo hekpe ɖe Dortɔwo kple woƒe duwo ŋu; En-Dortɔwo kple woƒe duwo, Tanaxtɔwo kple woƒe duwo kpakple Megidotɔwo kple woƒe duwo, woawo nye togbɛ etɔ̃awo.


Eye Manase mexɔ Bet-Sean kple eƒe duwo, Tanax kple eƒe duwo, Dortɔwo kple woƒe duwo, Yibleamtɔwo kple woƒe duwo kpakple Megidotɔwo kple woƒe duwo o, eyata Kanaanitɔwo do dzi nɔ anyigba sia dzi bɛ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa