Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 11:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Ale Yosua xɔ anyigba blibo la, toawo kple dziehe gome katã, Gosen-nyigba blibo la kple gbadzaƒe la, tagba la kple Israel-toawo kpakple wo ŋu balimewo,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

16 Ale Yosua ɖu anyigba blibo la dzi. Exɔ Negeb kple Gosenyigba kple Araba kple Israel ƒe tonyigbawo kple sɔsɔeƒewo.

Onani mutuwo Koperani




Yosua 11:16
16 Mawu Ofanana  

Etsɔ dukɔwo ƒe anyigbawo na wo, ne woaxe nusi dukɔwo dagba kpɔ la, woanye wo tɔ;


Enyã dukɔwo le wo ŋgɔ, eye wòdzidze nu ɖe edzi na wo, ne wòanye wo tɔ, eye Israel-toawo nɔ woƒe agbadɔwo me.


Israel ƒe to kɔkɔ dzi madoe ɖo, adze alɔ, atse ku, eye woazu sederti nyuia ɖe, eye xevi ƒomevi vovovowo katã anɔ ete, eƒe alɔwo ƒe vɔvɔli te woanɔ.


Ke mi Israel-towo, miɖe ama, eye mitse ku na nye dukɔ Israel, elabena woƒe gbɔgbɔɣi tu aƒe.


mitrɔ miaho, eye miayi Amoritɔwo ƒe towo gbɔ, miayi woƒe aƒelika, siwo le tagba, towo dzi kple gbadzaƒe, dzíehe kpakple ƒu ŋu la Kanaanitɔwo ƒe anyigba dzi la gbɔ, eye miaɖo ta Libanon gbɔ ava se Frat tɔsisi gã la nu.


Ale Yosua du anyigba blibo la kple fia, siwo katã le towo dzi, dziehe, gbadzaƒe kple towo ŋu la dzi; mena amea ɖeke si o, eye wòtsrɔ̃ nu gbagbewo katã gbidigbidi, abe alesi Yehowa, Israel ƒe Mawu la, de se ene.


Eye Yosua ɖu wo dzi tso Kades-Barnea vaseɖe Gaza, tso Gosen-nyigba blibo la dzi vaseɖe Gibeon.


Alesi Yehowa de se na eƒe dɔla Mose la, nenema Mose ɖee na Yosua, eye nenema Yosua wɔe meɖe naneke le se, siwo katã Yehowa ɖe na Mose la me o.


kple fia, siwo le anyiehe gome le towo dzi, tagba, si le Kinerot ƒe dziehe gome, gbadzaƒe kple Nafot-Dor le ɣetoɖoƒe


Ɣemaɣi Yosua va tsrɔ̃ Enakitɔwo ɖa le toawo dzi le Xebron, Debir, Anab kple Yuda-towo kpakple Israel-towo katã dzi, eye Yosua tsrɔ̃ wo kple woƒe duwo gbidigbidi.


amesiwo le towo dzi, gbadzaƒe, tagba, towo ŋu kple gbegbe kpakple dziehe, siwo nye Xititɔwo, Amoritɔwo, Kanaanitɔwo, Perizitɔwo, Xiwitɔwo kple Yebusitɔwo:


Esi fia, siwo katã le towo dzi, gbadzaƒe kple ƒu gã la ŋu le Libanon kasa le Yordan ƒe go keme dzi, siwo nye Xititɔwo, Amoritɔwo, Kanaanitɔwo, Perizitɔwo, Xiwitɔwo kple Yebusitɔwo see la,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa