Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 11:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Eye Israel-viwo ha aboyonuwo kple lãwo le du siawo me na wo ɖokui, negbe amewo katã ko wowu kple yi, vaseɖe esime wotsrɔ̃ wo vɔ, eye womena nu gbagbe ɖeka hɔ̃ hã kpɔtɔ o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

14 Israelviwo ha du siwo wotsrɔ̃ la ƒe nuwo kple lãwo na wo ɖokuiwo, ke wowu amegbetɔwo katã,

Onani mutuwo Koperani




Yosua 11:14
12 Mawu Ofanana  

Tete Yosafat kple eƒe aʋakɔ la va, be woaha aboyonuawo, eye wokpɔ kesinɔnuwo, awuwo kple nu xɔasiwo le wo dome fũ; eye woha wo, ale be wò wu tsɔtsɔ na wo. Ŋkeke etɔ̃ sɔŋ wole aboyonuawo haha dzi, elabena wosɔ gbɔ ŋutɔ.


Eye Israel-viwo ɖe aboyo Midiantɔwo srɔ̃wo kple wo viwo, eye woha woƒe agbatsɔlãwo katã, lãhawo katã kple woƒe kesinɔnuwo katã:


negbe nyɔnuwo kple ɖeviwo kple lãwo kpakple aboyonu, siwo katã le dua me la, ko naha na ɖokuiwò, eye naɖu wò futowo ƒe aboyonu, siwo Yehowa, wò Mawu, na wò la.


Ke mèkpɔ mɔ ana amea ɖeke natsi agbe le dukɔ siawo ƒe du, siwo Yehowa, wò Mawu, ana wò wòanye wò domenyinu lãme o;


Ale Yosua du anyigba blibo la kple fia, siwo katã le towo dzi, dziehe, gbadzaƒe kple towo ŋu la dzi; mena amea ɖeke si o, eye wòtsrɔ̃ nu gbagbewo katã gbidigbidi, abe alesi Yehowa, Israel ƒe Mawu la, de se ene.


Eye wowu amesiwo katã le eme la kple yi hetsrɔ̃ wo gbidigbidi; nu gbagbea ɖeke mekpɔtɔ o, eye wòtɔ dzo Xazor.


Ke Israel metɔ dzo du, siwo katã le togbɛwo dzi la o; negbe Xazor ɖeɖeko Yosua tɔ dzoe.


Alesi Yehowa de se na eƒe dɔla Mose la, nenema Mose ɖee na Yosua, eye nenema Yosua wɔe meɖe naneke le se, siwo katã Yehowa ɖe na Mose la me o.


eye wɔ Ai kple eme ba, abe alesi nèwɔ Yerixo kple eme fia ene; ke miekpɔ mɔ aha aboyonuawo kple lãwo na mia ɖokui. Eye na woade xa ɖe du la ŋu ɣetoɖoƒe gome.


negbe dua me lãwo kple aboyonuwo ko Israel ha na eɖokui, abe alesi Yehowa de se na Yosua ene.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa