Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 10:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Tete Gibeontɔwo ɖo ame ɖo ɖe Yosua le Gilgal le asaɖa me gblɔ bena: Megaɖe asi le wò dɔlawo ŋu o, va mía gbɔ kaba naxɔ na mi, eye nakpe ɖe mía ŋu, elabena Amoritɔwo ƒe fia, siwo katã le towo dzi la, ƒo ta kpli ɖe mía ŋu.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

6 Gibeontɔwo ɖo ame ɖe Yosua le Gilgal enumake be, “Miva kpe ɖe miaƒe subɔlawo ŋu! Miva kaba ne miava ɖe mí! Amoritɔwo ƒe fiawo katã tso woƒe nɔƒewo le toawo dzi va le mía gbɔ kple woƒe aʋakɔwo.”

Onani mutuwo Koperani




Yosua 10:6
14 Mawu Ofanana  

Eye wòbia akpa na tedzinɔ la hegblɔ na eƒe ɖekakpui be: Nɔ ekpɔkplɔ dzi, eye megatɔm de afia ɖeke o, negbe ɖeko magblɔe na wò hafi.


Towo ƒo xlã Yerusalem va kpe, eye Yehowa ƒo xlã eƒe dukɔ va kpe tso fifia ɖaseɖe mavɔ me.


Elabena Yehowa enye míaƒe ʋɔnudrɔ̃la, Yehowa enye míaƒe aʋafia, Yehowa enye míaƒe fia, eya aɖe mí.


Amalekitɔwo le dziehe gome, Xititɔwo, Yebusitɔwo kple Amoritɔwo le towo dzi, eye Kanaanitɔwo le ƒu ŋu kple Yordan ƒe go ɖeka


Eye Maria tsi tre le ŋkeke siawo me, eye wòɖe abla yi to la dzi, ɖe Yuda-dua ɖe me;


Eye metsɔ miaƒe toawo ƒe amegãwo, ŋutsu, siwo tagbɔ li na, eye ŋkɔ le wo ŋu la, ɖo amegãwo ɖe mia nu, ɖe ame akpe kple ame alafa, ɖe ame blaatɔ̃ kple ame ewo nu, eye wonɔ miaƒe toawo nu.


Eye Amoritɔwo ƒe fia atɔ̃awo, siwo nye Yerusalem-fia, Xebron-fia, Yarmut-fia, Laxis-fia kple Eglon-fia kpakple woƒe aʋakɔwo katã kpe ta, eye woho va ɖe to ɖe Gibeon ŋu hewɔ ana kplii.


Enumake Yosua kple eƒe aʋakɔ la katã kpakple kalẽtɔwo katã ho tso Gilgal.


Arba, si nye Enak fofo ƒe du, eya nye Xebron le Yuda-to la dzi hekpe ɖe lãnyiƒe, si le eŋu la ŋuti.


Esi Israel-viwo ƒu asaɖa anyi ɖe Gilgal la, woɖu ŋutitotoŋkekenyuie la le ɣleti la ƒe ŋkeke wuienelia dzi le fiẽ le Yerixo-tagba,


Eye Yosua wo xɔlɔ̃ kpli wo hebla nu kpli wo be, yeana woatsi agbe, eye ameha la ƒe amegãwo ka atam na wo.


Eye wova Yosua gbɔ le asaɖa me le Gilgal gblɔ na eya kple Israel-ŋutsuwo bena: Anyigba didia ɖe dzi míetso va, eye miedi be, miabla nu kpli mi!


Wogblɔ na Yosua bena: Wò dɔlawo míenye. Yosua bia wo bena: Amekawo míenye, eye afika míetso?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa