Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 10:42 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

42 Eye Yosua ɖu fia siawo katã kple woƒe anyigbawo dzi zi ɖeka, elabena Yehowa, Israel ƒe Mawu lae wɔ aʋa na Israel.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

42 Wowɔ nu siawo katã le aʋadzedze ɖeka pɛ ko me, elabena Yehowa, Israel ƒe Mawu la nɔ aʋa wɔm na wo.

Onani mutuwo Koperani




Yosua 10:42
14 Mawu Ofanana  

Yehowa li kplim, nyemavɔ̃ o, nuka amegbetɔ awɔm?


Korax-viwo ƒe ha na henɔ la, ne woadzi ɖe ɖetugbiwo ƒe gbe nu.


Midzudzɔ, ne miadze sii be, nyee nye Mawu; meɖo kpo ɖe dukɔwo dzi, meɖo kpo ɖe anyigba dzi!


Dukɔwo dze agbo, ke de le fiaɖuƒewo te; enu eƒe gbe di, tete anyigba lólo.


Na wò ŋusẽ nana azɔli dzi le Efrayim, Benyamin kple Manase ŋgɔ, eye ya xɔ na mí!


Yehowa le aʋa wo ge ɖe mia nu, ke miawo la mizi kpi ko!


Eye wòna woƒe tasiaɖamfɔwo gli, ale be ŋgɔyiyi zu dɔ na wo. Tete Egiptetɔwo gblɔ bena: Mina miasi le Israel nu, elabena Yehowa le aʋa wɔm na wo ɖe Egiptetɔwo ŋuti.


Esi nèxɔ asi le ŋkunye me, bubu le ŋuwò, eye melɔ̃ wò ta la, matso amegbetɔwo ana ɖe tewòƒe kple dukɔwo de wò agbe ta,


Elabena Yehowa, mia Mawu, ayi kpli mi, be wòawɔ aʋa kple miaƒe futɔwo na mi, eye wòaxɔ na mi.


Eye ŋkekea ɖeke meɖo ŋgɔ nɛ alo va le emegbe de esia nu, esi Yehowa ɖo to amegbetɔ ƒe gbe o; elabena Yehowa wɔ aʋa na Israel.


Emegbe Yosua kple Israel blibo la gbugbɔ va asaɖa me le Gilgal.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa