Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 10:37 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

37 eye woxɔe hetsrɔ̃e kple eme fia, eƒe duwo katã kple wo me nɔlawo kple yi; mena amea ɖeke si o, abe alesi wowɔ Eglon ene, eye wotsɔe kple eme nɔlawo gbidigbidi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

37 Woxɔ du sia kple du sue siwo ƒo xlãe, eye wowu ameawo katã kple woƒe fia; womena ame ɖeka pɛ gɔ̃ hã tsi agbe o.

Onani mutuwo Koperani




Yosua 10:37
8 Mawu Ofanana  

Eye Yosua ɖu Amalek kple eƒe aʋakɔ dzi kple yi.


Eye Yosua xɔ Makeda le ŋkeke ma ke dzi; ewu wo kple yi, eye wotsrɔ̃ eme fia kple amesiwo katã le eme la gbidigbidi, eye mena amea ɖeke si o, eye wòwɔ Makeda-fia, abe alesi wòwɔ Yerixo-fia ene.


eye woxɔe le ŋkeke ma dzi hetsrɔ̃e kple yi, eye wotsrɔ̃ amesiwo katã le eme la gbemagbe gbidigbidi, abe alesi wowɔ Laxis ke ene.


Tete Yosua kple Israel blibo la ho tso Eglon heyi Xebron, eye wowɔ aʋa kplii,


Eyome Yosua kple Israel blibo la trɔ yi Debir ɖawɔ aʋa kplii,


eye woɖu eya hã kple eme fia kpakple eƒe duwo katã dzi, eye wowu wo kple yi hetsrɔ̃ amesiwo katã le eme lã gbidigbidi, eye mena amea ɖeke si o, alesi wowɔ Xebron la, nenema wowɔ Debir kple eme fia hãe, abe alesi wowɔ Libna kple eme fia ene.


Ale Yosua du anyigba blibo la kple fia, siwo katã le towo dzi, dziehe, gbadzaƒe kple towo ŋu la dzi; mena amea ɖeke si o, eye wòtsrɔ̃ nu gbagbewo katã gbidigbidi, abe alesi Yehowa, Israel ƒe Mawu la, de se ene.


Ale Yosua ɖu fia siawo ƒe duwo kple woƒe fiawo katã dzi, eye wòwu wo kple yi; etsrɔ̃ wo gbidigbidi, abe alesi Yehowa ƒe dɔla Mose de se ene.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa