Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 10:36 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

36 Tete Yosua kple Israel blibo la ho tso Eglon heyi Xebron, eye wowɔ aʋa kplii,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

36 Esi wodzo le Eglon la, woyi Hebron.

Onani mutuwo Koperani




Yosua 10:36
17 Mawu Ofanana  

Eye Abram le eƒe agbadɔ hom le tutum, le ŋgɔgbe yimii, eye wòva nɔ Mamre ƒe ati gã gbɔ le Xebron-nutowo me, eye wòɖi vɔsamlekpui ɖe afima na Yehowa.


Amesiwo bla akpa ɖe aʋawɔwɔ ŋu, eye wova Dawid gbɔ le Xebron, ne woagbugbɔ Saul ƒe fiaɖuƒe la nɛ le Yehowa ƒe nya nu la, ƒe xexlẽme enye si:


Zadok, ɖekakpui kalẽtɔ, kple fofoa ƒemetɔwo le amegã blave va eve.


Zora, Ayalon kple Xebron, siwo le Yuda kple Benyamin, wòzu du sesẽwo.


Woɖo ta dziehe vaseɖe Xebron, afisi Aximan, Sesai kple Talmai, amesiwo nye Enak viwo nɔ. Ke wotso Xebron ƒe adre megbe, hafi wova tso Zoan le Egipte.


Tete Yerusalem-fia Adonizedek dɔ ame ɖo ɖe Xebron-fia Hoham, Yarmut-fia Piram, Laxis-fia Yafia kpakple Eglon-fia Debir gbɔ gblɔ bena:


eye woxɔe le ŋkeke ma dzi hetsrɔ̃e kple yi, eye wotsrɔ̃ amesiwo katã le eme la gbemagbe gbidigbidi, abe alesi wowɔ Laxis ke ene.


eye woxɔe hetsrɔ̃e kple eme fia, eƒe duwo katã kple wo me nɔlawo kple yi; mena amea ɖeke si o, abe alesi wowɔ Eglon ene, eye wotsɔe kple eme nɔlawo gbidigbidi.


Eye Amoritɔwo ƒe fia atɔ̃awo, siwo nye Yerusalem-fia, Xebron-fia, Yarmut-fia, Laxis-fia kple Eglon-fia kpakple woƒe aʋakɔwo katã kpe ta, eye woho va ɖe to ɖe Gibeon ŋu hewɔ ana kplii.


Eye Yosua tso Arba, Enakitɔwo fofo, ƒe du, si nye Xebron la na Kaleb, Yefune vi, ɖe Yuda viwo dome, abe alesi Yehowa gblɔ ne ene.


Xumta, Kiryat-Arba, eya nye Xebron kple Zion Wole du asieke hekpe ɖe woƒe koƒewo ŋu.


Du, siwo wotsɔ na nunɔla Aron-viwo, wonye: Xebron, si nye sitsoƒe na hlɔ̃dola kple eŋu lãnyiƒe, Libna kple eŋu lãnyiƒe,


Eye Yuda ho aʋa ɖe Kanaanitɔ, siwo nɔ Xebron la ŋu, — tsã la woyɔ Xebron bena Kiryat-Arba — eye woɖu Sesai, Aximan kple Talmai dzi.


Wotsɔ Xebron na Kaleb, abe alesi Mose gblɔ ene, eye wònyã Enak vi elɔ̃awo le afima.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa