Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 10:32 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

32 Eye Yehowa tso Laxis de asi na Israel, eye woxɔe le ŋkeke eveagbe, eye wotsrɔ̃e kple eme nɔlawo kple yi, abe alesi wowɔ Libna ke ene.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

32 Yehowa tsɔ du sia hã na Israel le ŋkeke evelia dzi. Wowu ame sia ame le afi sia hã abe ale si wowɔ le Libna ene.

Onani mutuwo Koperani




Yosua 10:32
7 Mawu Ofanana  

Eye Yosua ɖu Amalek kple eƒe aʋakɔ dzi kple yi.


Esi Rabsake gbugbɔ la, ekpɔ Asur-fia wòle aʋa wɔm kple Libna, elabena ese be, eho tso Laxis.


eye Yehowa, wò Mawu, tso wo de asi na wò nèɖu wo dzi la, ekema, natsrɔ̃ wo gbidigbidi, megabla nu kpli wo o, eye megave wo nu o.


Eye Yosua xɔ Makeda le ŋkeke ma ke dzi; ewu wo kple yi, eye wotsrɔ̃ eme fia kple amesiwo katã le eme la gbidigbidi, eye mena amea ɖeke si o, eye wòwɔ Makeda-fia, abe alesi wòwɔ Yerixo-fia ene.


Eyome Yosua kple Israel blibo la ho tso Libna yi Laxis, eye woɖe to ɖee hewɔ aʋa kplii.


Ɣemaɣi Horam, Gezer-fia ho, be yeava xɔ na Laxis, ke Yosua si eya hã kple eƒe dukɔ la, vaseɖe esime amea ɖeke mekpɔtɔ o.


Ale Yosua ɖu fia siawo ƒe duwo kple woƒe fiawo katã dzi, eye wòwu wo kple yi; etsrɔ̃ wo gbidigbidi, abe alesi Yehowa ƒe dɔla Mose de se ene.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa