Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 10:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Eye ŋkekea ɖeke meɖo ŋgɔ nɛ alo va le emegbe de esia nu, esi Yehowa ɖo to amegbetɔ ƒe gbe o; elabena Yehowa wɔ aʋa na Israel.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

14 Ŋkeke sia tɔgbi meva yi kpɔ o, eye etɔgbi megava kpɔ o tso gbe ma gbe, esi Yehowa tɔ ɣe kple ɣleti le ame ɖeka ƒe gbedodoɖa ta. Ke Yehowa nɔ aʋa wɔm na Israel.

Onani mutuwo Koperani




Yosua 10:14
13 Mawu Ofanana  

Yehowa le aʋa wo ge ɖe mia nu, ke miawo la mizi kpi ko!


Eye wòna woƒe tasiaɖamfɔwo gli, ale be ŋgɔyiyi zu dɔ na wo. Tete Egiptetɔwo gblɔ bena: Mina miasi le Israel nu, elabena Yehowa le aʋa wɔm na wo ɖe Egiptetɔwo ŋuti.


Kpɔ ɖa, mana vɔvɔli nagbugbɔ ɖe megbe ɖoƒe ewo tso Axab ƒe ɣega ƒe ɖoƒe, si wòle la dzi; tete ɣe gbugbɔ ɖe megbe tso ɖoƒe, si wòle la, ɖoƒe ewo.


Eye Yehowa aho awɔ aʋa kple dukɔ siawo abe gbesigbe wòwɔ aʋa le aʋakpegbe ene.


Eye Aƒetɔ la gblɔ bena: Ne xɔse le mia si abe logoku ene la, miagblɔ na gboti sia bena: Ho ɖokuiwò naɖaɖo ɖe atsiaƒu me! eye aɖo to mi.


Yehowa, mia Mawu, dze mia ŋgɔ, eye awɔ aʋa na mi, abe alesi wòwɔ na mi le Egipte miekpɔ ene,


Eye Yosua kple Israel blibo la gbugbɔ va asaɖa la me le Gilgal.


Eye Yosua ɖu fia siawo katã kple woƒe anyigbawo dzi zi ɖeka, elabena Yehowa, Israel ƒe Mawu lae wɔ aʋa na Israel.


Mia ŋutɔwo miekpɔ nusiwo Yehowa, mia Mawu la, wɔ dukɔ siawo katã le mia ŋgɔ, elabena Yehowa, mia Mawue, wɔ aʋa na mi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa