Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 1:17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Alesi mieɖo to Mose la, nenema ke miaɖo to wò hãe; Yehowa nanɔ kpli wò ko, abe alesi wònɔ kple Mose ene!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

17 Abe ale si míeɖo to Mose le nu sia nu me ene la, nenema tututu míaɖo to wò hã. Yehowa, wò Mawu la nanɔ kpli wò abe ale si wònɔ kple Mose ene.

Onani mutuwo Koperani




Yosua 1:17
19 Mawu Ofanana  

Eye wò dɔlanyɔnu bu be: Nye aƒetɔ fia la ƒe nya ana ɖoɖoe nazi: elabena nye aƒetɔ fia la le abe Mawu ƒe dɔla ene, amesi wòase nyuia kple vɔ̃a; eye Yehowa, wò Mawu, anɔ kpli wò.


Alesi Yehowa nɔ kple nye aƒetɔ fia la, nenema wòanɔ kple Salomo, eye wòana eƒe fiazikpui naƒo nye aƒetɔ fia Dawid ƒe fiazikpui ta


Eye Dawid gblɔ na via Salomo bena: Sẽ ŋu, eye lé dzi ɖe ƒo, eye na wòe aɖe goe; megavɔ̃ o, eye dzika megatso ƒowò o; elabena Yehowa Mawu, nye Mawu, li kpli wo, maɖe asi le ŋuwò o, eye magblẽ wò ɖi o, vaseɖe esime na wu Yehowa ƒe aƒe la ƒe dɔwo katã nu!


Dawid ƒe ha na henɔ la.


Aɖo ŋku wò nuɖuvɔsawo katã dzi, eye wò numevɔsa ada ami le eŋku me. Sela.


Ame meawo bɔbɔna dea la agu, ke míawo míetsia tre dzena kã.


Yehowa ɖo ŋu na Mose bena: Yɔ Yosua, Nun vi, ŋutsu, si me gbɔgbɔ la le la, eye natsɔ wò asi aɖo edzi,


eye naɖe bubu, si le ŋuwò la, ɖe aɖa ɖe edzi, bena Israel-viwo ƒe ha blibo la naɖo toe.


Eye ameha, siwo le eŋgɔ kple esiwo le eyome la, do ɣli gblɔ bena: Wosana na Dawid vi la; Woayra amesi gbɔna le Aƒetɔ ƒe ŋkɔ la me; Hosana le dziƒo ʋĩ!


Eye nunyagbɔgbɔ yɔ Yosua, Nun vi fũ, elabena Mose da asi ɖe edzi. Eye Israel-viwo ɖo toe, eye wowɔ, abe alesi Yehowa de se na Mose ene.


Tete woɖo ŋu na Yosua bena: Míawɔ se, siwo katã nède na mí la dzi, eye afisiafi, si nèdɔ mí ɖo la, míayi!


Woawu amesiame, si asẽ to ɖe wò sededewo ŋu, eye maɖo to wò nya, siwo katã negblɔ na mi o la. Lé dzi ɖe ƒo, eye nasẽ ŋu ko!


Amea ɖeke manɔ te ɖe nuwò le wò agbe me ŋkekewo katã me o; alesi menɔ kple Mose la, nenema manɔ kple wò hã; nyemaɖe asi le ŋuwò o, eye nyemagblẽ wò ɖi o.


Menye ɖe meɖe se na wò be, lé dzi ɖe ƒo, eye nasẽ ŋu, ŋɔ megadzi wò o, eye dzidzi megaƒo wò oa? Elabena Yehowa, wò Mawu la, li kpli wò le afisiafi, si nayi ɖo.


Gbemagbe Yehowa do kɔkɔ Yosua le Israel blibo la ŋku me, eye wovɔ̃e le eƒe agbe me ŋkekewo katã me, abe alesi wovɔ̃ Mose ene.


Dawid gagblɔ bena: Yehowa, si ɖem tso dzata kple sisiblisi si me la, eya ke aɖem tso Filistitɔ sia si me. Tete Saul gblɔ na Dawid bena: Heyi, Yehowa nanɔ kpli wò!


ekema Yehowa nafia Yonatan agafiae ɖe dzi! Ne fofonye ɖo vɔ̃ ɖe ŋuwò kplikpaa la, ekema mava gblɔe ɖe to me na wò, eye mado mɔ wò nayi le ŋutifafa me. Yehowa anɔ kpli wò, abe alesi wònɔ kple fofonye tsã ene!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa