Mitsa le asaɖa lãme, ne miade se na dukɔ la bena: Midzra mɔ dzi nuɖuɖu ɖo, elabena ŋkeke etɔ̃ megbe la miele Yordan sia tso ge ayi aɖaxɔ anyigba, si Yehowa, mia Mawu be, yeatsɔ na mi wòanye mia tɔ la.
Menye ɖe meɖe se na wò be, lé dzi ɖe ƒo, eye nasẽ ŋu, ŋɔ megadzi wò o, eye dzidzi megaƒo wò oa? Elabena Yehowa, wò Mawu la, li kpli wò le afisiafi, si nayi ɖo.