Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yona 4:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Eye Mawu gblɔ na Yona bena: Ɖe nèle dziku dom ɖe eteƒe le treklɔnu la taa? Eɖo ŋu bena: Tɔnye dzɔ be, mado dziku, vaseɖe esime maku.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

9 Mawu gblɔ na Yona be, “Enyo be nàdo dɔmedzoe esi ati la kua?” Yona ɖo eŋu be, “Ɛ̃, tɔnye dzɔ be mado dɔmedzoe va se ɖe esime maku!”

Onani mutuwo Koperani




Yona 4:9
13 Mawu Ofanana  

Tete Axab yi eƒe me, eɖo aɖa, eye dzi kui le nya, si Yezreeltɔ Nabot gblɔ nɛ be: nyemetsɔ fofonyewo ƒe domenyinu na wò o la ta. Eye wòmia eƒe aba dzi hetrɔ mo ɖe aga, eye wogbe nuɖuɖu.


Tsiã, wò amesi vuvu wò ŋutɔ ɖokuiwò le wò dɔmedzoe me, wò tae anyigba azu aƒeɖo, eye woate agakpe ɖa le eteƒea?


Elabena dɔmedzoe megaflu wò nayi fewu ɖu ge o, eye tawòƒlega gbogboawo megakplɔ wò trae o.


Ke boŋ dziku wua bometsila, eye abunetɔ kuna ɖe ŋuʋaʋã me.


Ke esia medze Yona ŋu o, eye dzi kui vevie.


Tete Yehowa gblɔ be: Treklɔnu, Si ŋu medze agbagba le o, mekpɔ edzi wòtsi o, emie le zã ɖeka me, eye woku le zã ɖeka me la ƒe nu le vewòm, —


Esi ɣe dze la, Mawu do ɣedzeƒeya xɔdzo ɖa, eye ɣe ɖu Yona ƒe ta, ale be nu te eŋu belibeli. Tete wodi ku na eɖokui gblɔ bena: Ne meku la, enyo wu esi manɔ agbe.


Tete wògblɔ na wo bena: Nye luʋɔ le nu xam kakaka vaseɖe ku me; minɔ afisia, eye minɔ ŋudzɔ kpakplim.


Elabena nuxaxa ɖe Mawu ƒe didi nu la wɔa dzimetɔtrɔ, si mevea ame o, hena xɔxɔ; ke xexeame ƒe nuxaxa hea ku ve.


Eye le ŋkeke mawo me la amewo aɖi ku, eye womele ekpɔ ge o, eye woadi vevie be, yewoaku, eye ku asi le wo gbɔ.


Esi wòle dzi gbãm ne gbawotsyogbe kple eƒe nyawo, eye wòle fu ɖem nɛ la, eva gloe, eye ku ɖo mo nɛ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa