Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yona 3:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Eye esi Mawu kpɔ, alesi wowɔ, be woɖe asi le woƒe mɔ vɔwo ŋu la, vɔ̃, si Mawu gblɔ be, yeawɔ wo la vee, eye mewɔe o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

10 Ke esi Mawu kpɔ be woɖe asi le woƒe mɔ vɔ̃wo ŋuti la, eɖe asi le ɖoɖo si wòwɔ be yeatsrɔ̃ wo la ŋu, eye wòtsɔe ke wo.

Onani mutuwo Koperani




Yona 3:10
18 Mawu Ofanana  

Eye Mawu dɔ dɔlaa ɖe ɖo ɖe Yerusalem, be wòaɖagblẽe. Ke esi wòde asi nugbegblẽ me la, Yehowa kpoe, eye vɔ̃ la vee, eye wògblɔ na dɔla, si le nu gblẽm la bena: Esɔ gbɔ azɔ, ɖiɖi wò asi ɖe anyi! Yehowa ƒe dɔla la tsi tre ɖe Yebusitɔ Ornan ƒe lugbɔ ƒe gbɔ.


Eye Yehowa ɖe asi le vɔ, si wòɖo ɖe eƒe dukɔ ŋuti la ŋu.


Amesi tsɔ nu tsyɔ eƒe vodada dzi la, madze edzi nɛ o; ke amesi ʋu eme, eye wòdzudzɔe la, woave enu.


Eyata Yehowa le lalam, be yeave mia nu, eyata wotso, be yeakpɔ nublanui na mi; elabena ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe Mawu enye Yehowa. Woayra amesiwo katã kpɔa esinu!


Fifia meƒo nu kple dukɔ kple fiaɖuƒea ɖe, be mahoe ɖa, magbãe, eye matsrɔ̃e;


ke ne dukɔ ma trɔ tso eƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ, si ŋu meƒo nu le me la, ekema vɔ̃, si meɖo be, mawɔe la, avem.


Amea ɖe menya nu o Yuda ƒe aƒe la ase vɔ̃, siwo katã meɖo be, mawɔ wo la, eye amesiame atrɔ tso eƒe mɔ vɔwo dzi, eye matsɔ woƒe vodadawo kple woƒe nuvɔ̃wo ake wo.


Ne mienɔ anyigba sia dzi la, ekema matu mi, eye nyemagbã mi o, mado mi, eye nyemaho mi o; elabena vɔ̃, si mewo mi la, vem.


Midze miaƒe dziwo, menye miaƒe awuwo o, eye migatrɔ ɖe Yehowa, mia Mawu la ŋu! Elabena amenuvela kple nublanuikpɔla wònye, egbɔa dzi ɖi blewu, amenuveve bɔ ɖe esi, eye vɔ̃wɔwɔ venɛ.


Tete wòve Yehowa, eye Yehowa gblɔ bena. Mava me o.


Tete wòve Yehowa, eye Aƒetɔ Yehowa gblɔ be: Esia hã mava me o.


ɖe du gã Niniwe, si me amewo le wu ame akpe alafa ɖeka blave, siwo menya nuka enye ɖusi kple mia hekpe ɖe lã geɖewo ŋu la ƒe nu mavem oa?


Eye wòdo gbe ɖa na Yehowa gblɔ bena: Oo, Yehowa, esia ŋu pɛ mebu, esime mele mía de; eyata medo ŋgɔ be, masi ayi Tarsis; elabena menyae be, Mawu amenuvela kple nublanuikpɔla nenye, egbɔa dzi ɖi blewu, dɔmenyo bɔ ɖe asiwò, eye vɔ̃wɔwɔ vea wò.


Niniwe-ŋutsuwo atsi tre le ʋɔnudɔdrɔ̃ la me kple dzidzime sia, eye woabu fɔe; elabena wotrɔ le woƒe dzi me le Yona ƒe gbeƒãɖeɖe nu, eye kpɔ ɖa, amesi wu Yona, le afisi!


Eye wòtsi tre va fofoa gbɔ. Ke esi wòle mɔ dzi ʋĩ gbɔna la, fofoa kpɔe, eye eƒe dɔme trɔ ɖe eŋu, eye wòƒu du ɖadze eƒe kɔ dzi, eye wòɖuɖɔ nu nɛ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa