Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yona 1:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Tete ʋukulawo vɔ̃, eye wo dome amesiame do ɣli yɔ eƒe mawu, eye wotsɔ ʋua me nuwo ƒu gbe ɖe ƒu me, ne woazu wodzoe, ke Yona ya yi ɖe ʋua gɔme, eye wòmia anyi do alɔ̃ yi me ʋĩ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

5 Ŋɔdzi kple vɔvɔ̃ gã aɖe lé ʋukulawo, eye wo dometɔ ɖe sia ɖe nɔ eƒe mawu yɔm kple ɣli, eye wotsɔ agba si wodo na meli la ƒu gbe ɖe atsiaƒu la me be meli la nazu wodzoe vie. Esi nu siawo katã nɔ edzi yim la, Yona ya nɔ alɔ̃ dɔm dzidzemetɔe le afi si wòbe ɖo.

Onani mutuwo Koperani




Yona 1:5
22 Mawu Ofanana  

Eye wòlé nyitsu, si wotsɔ na wo la, hewɔe, eye woyɔ Baal ŋkɔ vaseɖe ɣeɖota le gbɔgblɔm bena: Baal, tɔ na mi! Ke gbea ɖeke meɖi o, eye amea ɖeke metɔ o. Eye wole kpo tim le xlã ƒom vɔsamlekpui, si wowɔ la.


Tete Satana ɖo ŋu na Yehowa gblɔ bena: Ŋutigbalẽ ɖe ŋutigbalẽe teƒe, eye amegbetɔ atsɔ nusiwo katã te esi la, ana be eƒe agbe ta.


Eƒo nu, eye ahomya tso hemli eƒe tsotsoewo.


mi dzo kple dzikpe, sno kple adzudzɔ kpakple ahom, si wɔa eƒe gbe dzi;


nuɖiɣi li, eye nubuɣi li; nudzraɖoɣi li, eye nuƒugbeɣi li;


Mi dukɔwo ƒe ame sisiwo, miƒo ta kpli, eye miva, mi katã milé va! Ame manyanuwo wonye, amesiwo lé woƒe aklama kpakpɛ tikpowo ɖe la, eye wole gbe dom ɖa na mawu, siwo meɖea ame o.


Ke afika wò mawu, siwo nèwɔna ɖokuiwò la le? Woawo nètso kpɔ, be woate ŋu aɖe wò le wò hiãɣi la hã? Yuda, elabena alesi wò duwo sɔ gbɔe la, nenema wò mawuwo sɔ gbɔe!


Womedo ɣli nam le woƒe dzi me o, ke boŋ wofa avi le woƒe abawo dzi; wova kpe ta le bli kple aha yeye ta, eye wotrɔ nu le yonyeme.


Eye woyɔ Yehowa gblɔ bena: Ao, Yehowa, megana míatsrɔ̃ le ŋutsu sia ƒe agbe ta o, eye megatsɔ̃ ʋu maɖifɔ ɖo mía dzi o; elabena Yehowa nènye, eye nusi dze ŋuwò la, nèwɔna.


Tete ŋutsuawo vɔ̃ Yehowa ŋutɔ, wosa vɔ na Yehowa, eye woɖe adzɔgbe.


Tete ʋumefia te ɖe eŋu gblɔ nɛ bena: Alɔ̃ dɔm wòa nèlea? Fɔ nayɔ wò Mawu! Amea ɖe menya nu o Mawu aɖo ŋku mía dzi, be míagatsrɔ̃ o hĩ.


Eye esi ŋugbetɔsrɔ̃ la tsi anyi la, wo katã wodɔ akɔlɔ̃e, eye wodɔ alɔ.


Eye esi wògava la, ekpɔ wo le alɔ̃ me, elabena woƒe ŋkuwo dzi wɔ dɔ.


Tete wòva nusrɔ̃lawo gbɔ, eye wògblɔ na wo bena: Miyi alɔ̃dɔdɔ dzi azɔ, eye migbɔ ɖe eme; mikpɔ ɖa, gaƒoƒo la ɖo vɔ, eye woade Amegbetɔvi la asi na nuvɔ̃wɔlawo.


Eye esi woɖu nu ɖi ƒo la, wotsɔ nuɖuɖuawo ƒu gbe ɖe ƒu me, bena ʋua nazu wodzoe.


Eye wòna wòdɔ alɔ̃ ɖe eƒe ata dzi; tete wòyɔ ŋutsua ɖe vɛ wòlũ ɖakɔ adreawo le eta. Ale wòna wòde asi gbɔdzɔgbɔdzɔ me, eye eƒe ŋusẽ do le eŋu.


Tete Saul ɖe ŋutsu tiatia akpe etɔ le Israel blibo la me heyi, be woaɖi Dawid kple eƒe amewo le agamegbɔ̃gakpe la dzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa