Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yona 1:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Tete ŋutsuawo vɔ̃ Yehowa ŋutɔ, wosa vɔ na Yehowa, eye woɖe adzɔgbe.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

16 Nu si dzɔ la na be ʋua me nɔlawo katã vɔ̃ Yehowa ŋutɔ, eye wosa vɔ na Yehowa heɖe adzɔgbe nɛ.

Onani mutuwo Koperani




Yona 1:16
19 Mawu Ofanana  

Eye Yakob ɖe adzɔgbe gblɔ bena: Ne Mawu anɔ anyi kplim, eye wòakpɔ dzinye le mɔ, si dzi mele la dzi, eye wòana abolom maɖu kple awum mado,


Tete Noa ɖi vɔsamlekpui, eye wòtsɔ lã matsrimatsriwo kple xe matsrimatsriwo ƒe ɖewo na Yehowa hemè wo le vɔsamlekpui la dzi.


Naeman gblɔ bena: Ne ele alea la, ekema na woaku anyi tedzisɔ eve ƒe tsɔtsɔ nu na wò dɔla, elabena wò dɔla magasa numevɔ kple akpedavɔ na mawu bubuwo azɔ o, negbe Yehowa ko.


Eyata amegbetɔ navɔ̃e. Meléa ŋku ɖe amesiwo katã bua wo ɖokui nunyalawoe la ŋu o.


woawo nesa akpedavɔ, eye woatsɔ aseyetsotso axlẽ eƒe dɔwɔwɔwo afia!


Maxe nye adzɔgbeɖefe na Yehowa le eƒe dukɔ blibo la ŋku me.


Tsɔ akpedada sa vɔ na Mawu, eye naxe wò adzɔgbeɖefe na dziƒoʋitɔ la!


Ne méɖe adzɔgbe kura o la, enye wu esi naɖe adzɔgbe, eye mãwɔ edzi o.


Ele nye luʋɔ dzrom le zã me, nye gbɔgbɔ hã le diwòm le menye; elabena ne wò ʋɔnudɔdrɔ̃wo va anyigba dzi la, xexeametɔwo srɔ̃a dzɔdzɔenyenye.


Yehowa be: Ɖe miagbem vɔvɔ̃, eye miadzo nyanyanya le ŋkunye me oa? Nye amesi tsɔ ke do liƒo na atsiaƒu wònye kpododo mavɔ, si dzi magbɔ o, ne edze agbo hã, mate ŋui o, eye ne eƒe tsotsoewo le gbe ɖem hã, magbɔ edzi ayi o.


Emegbe fia Dario ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe dukɔwo katã, anyigba dzi dukɔwo kple gbegbɔgblɔ, siwo le anyigba blibo la dzi bena: Eme nenyo na mi!


Tete ŋutsuawo vɔ̃ ŋutɔ, eye wogblɔ nɛ bena: Nukae nèhewɔ ma? Elabena wonyae be, Yehowa nu wòsi le; elabena etoe na wo tsã.


Eye woyɔ Yehowa gblɔ bena: Ao, Yehowa, megana míatsrɔ̃ le ŋutsu sia ƒe agbe ta o, eye megatsɔ̃ ʋu maɖifɔ ɖo mía dzi o; elabena Yehowa nènye, eye nusi dze ŋuwò la, nèwɔna.


Ele abe logoku ene, esi ne woƒãe ɖe anyigba me la, ele sue wu atiku, siwo katã le anyigba la dzi;


Eye vɔvɔ̃ gãa ɖe va dze hame blibo la katã kple amesiwo katã se nusiawo la dzi.


Yehowa ƒe dɔla la ɖo ŋu na Manoax bena: Ne èsikam ɖi hã la, nyemele wò abolo ɖu ge o; ke nenye numevɔ nèbe, yeasa la, ekema sae na Yehowa! Ke Manoax medze sii bena, Yehowa ƒe dɔla wònye o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa