36 Eɖo ŋu nɛ gblɔ bena: Aƒetɔ, amekae nye esi, bena maxɔ edzi ase mahã?
36 Ŋutsu la biae be, “Aƒetɔ, ame kae? Gblɔe nam, ne maxɔ edzi ase.”
Nyɔnuwo ƒe tughedzɛ, nuka wo lɔlɔ̃tɔ tso ƒo lɔlɔ̃tɔ bubuwo tae? Nuka wo lɔlɔ̃tɔ tsa ƒo lɔlɔ̃tɔ bubuwo tae, hafi nèta nu na mí alea?
Alo wòe nye amesi gbɔna loo, alo ame bubua ɖee míakpɔ mɔ na mahã?
Eye Yesu trɔ, eye esi wòkpɔ wo le eyome dzem la, egblɔ na wo bena: Nuka ɖim miele? Eye wogblɔ nɛ bena: Rabi (si gɔmee nye nufiala), afika nenɔna?
Yesu gblɔ nɛ bena: Amesi nèkpɔ kple amesi le nu ƒom kpli wò la, eyae.
Azɔ aleke woayɔ amesi dzi womexɔ se o la mahã? Ke aleke woaxɔ amesi ŋutinya womese kpɔ o la dzi ase mahã? Ke aleke woase nya, ne nyanyuie gbeƒãɖelaa ɖeke mele wo si o mahã?