Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yohanes 9:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Yesu do ŋu bena: Menye amesia alo eƒe dzilawoe wo nuvɔ̃ o, ke boŋ bena woaɖe Mawu ƒe dɔwɔwɔwo ɖe go afia le eyama me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Menye ame sia alo edzilawo ƒe nu vɔ̃ ta ame sia ƒe ŋku gbã ɖo o. Wodzii nenema be woatsɔ aɖe Mawu ƒe ŋusẽ afia.

Onani mutuwo Koperani




Yohanes 9:3
16 Mawu Ofanana  

Kpɔ ɖa, menya miaƒe susuwo kple tame vɔ̃, siwo ɖom miele ɖe ŋunye.


eye exɔlɔ̃ etɔ̃awo ŋue dzi kui do, elabena womekpɔ nyaa ɖeke aɖo ŋu atsa abu fɔ Hiob o.


Eye wòva me, esi Yehowa ƒo nusiawo kple Hiob vɔ megbe la, Yehowa gblɔ na Temanitɔ Elifaz bena: Nye dɔmedzoe bi ɖe mia kple xɔ̃wò eveawo ŋu, elabena mieƒo nu nyuia ɖeke le nunya abe nye ɖɔla Hiob ene o.


Ŋkunɔwo le nu kpɔm, eye tekunɔwo le azɔli zɔm, anyidzelawo ŋuti le kɔkɔm, eye tokunɔwo le nu sem, ame kukuwo le tsi tre tsim, eye wole nyanyuie la gblɔm fia ame dahewo.


Eye esi Yesu see la, egblɔ bena: Dɔ sia menye kudɔe o, ke boŋ hena Mawu ƒe ŋutikɔkɔe, bena woakɔ Mawuvi la ŋuti to eyama me.


Yesu gblɔ nɛ bena: Ɖe nyemegblɔ na wò bena, ne èxɔe se la, èkpɔ Mawu ƒe ŋutikɔkɔe la o mahã?


Ke esi afimatɔwo kpɔ lã la xatsa ɖe eƒe asi ŋu la, wogblɔ na wo nɔewo bena: Ɖikekea ɖeke mele eme o bena, amesia nye hlɔ̃dola, eye esi wòkpɔ ɖeɖe tso ƒu me hã la, Mawu ƒe hlɔ̃biabia meɖe mɔ ne be, wòanɔ agbe o.


Ke esi wogado ŋɔdzi na wo ɖe edzi la, woɖe asi le wo ŋu, esi womekpɔ naneke woatsɔ ahe to na wo o la ta, le dukɔ la ŋuti; elabena ameawo katã le Mawu kafum le nusi ke va me la ŋuti.


Eye míawo miedze si lɔlɔ̃, si Mawu tsɔ lɔ̃a mí, eye míexɔ edzi se. Mawue nye lɔlɔ̃, eye amesi nɔa lɔlɔ̃ la me la, eya nɔa Mawu me, eye Mawu hã nɔa eya me.


Esia me woɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃ la ɖe go fia le le mía me bena, Mawu dɔ eƒe Tenuvi ɖo ɖe xexeame, bena míanɔ agbe to eyama me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa