26 Eye wògagblɔ ne bena: Nuka wòwɔ na wòa? Aleke wòdu ŋku na wò mahã?
26 Ameawo gabiae be, “Nu ka wòwɔ na wò? Aleke wòwɔ hafi ʋu wò ŋkuwo na wò?”
Ɖo eŋu na bometsila ɖe eƒe bometsitsi nu, ne magabu eɖokui nunyalae o.
Eye wòbia Barux bena: Gblɔ alesi nèwɔ hafi ŋlɔ nya siawo katã tso enu me la na mí.
Ke agbalẽfialawo kple farisitɔwo le ŋudzɔ nɛ be, ɖewohĩ ada gbe le eŋu le Sabat dzi, bena yewoakpɔ nya atso enu.
Eyaŋuti wogblɔ nɛ bena: Ekema aleke wo wò ŋkuwo ʋu mahã?
Tete farisitɔwo hã gabiae, alesi wòwɔ hafi kpɔ nu. Eye wògblɔ na wo bena: Anyi wòtso heɖo nye ŋkuwo dzi, eye mele tsi, eye mele nu kpɔm.
Tete eyama xɔ dzi bena: Nenye nuvɔ̃wɔla wònye la, nyemenyɛ o, nu ɖeka ko menya bena, ŋkuagbãtɔ menye tsã, azɔ mele nu kpɔm.
Eɖo ŋu na wo bena: Megblɔe na mi xoxo, eye miesee o; nukaŋuti miele didim bena, miagasee mahã? Ɖe miawo hã miele didim bena, míazu eƒe nusrɔ̃lawo mahã?