Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yohanes 9:22 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 Esiawo eƒe dzilawo gblɔ, elabena wovi Yudatɔwo; elabena Yudatɔwo ɖo ɖe anyi xoxoxo bena, ne amea ɖe katse ʋu eyama me bena, Kristo wònye la, ekema yewoaɖee le yewoƒe ha me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

22 Edzilawo gblɔ nya sia, elabena wonɔ vɔvɔ̃m na Yudatɔwo, elabena Yudatɔwo ɖoe be ame si agblɔ be Yesue nye Kristo la la, woanyae le gbedoxɔ la me.

Onani mutuwo Koperani




Yohanes 9:22
24 Mawu Ofanana  

Amegbetɔvɔvɔ̃ mɔ̃e wònye ɖea eme; ke amesi doa dzi de Yehowa ŋu la, woakpɔ eta.


Nyee, nyee nye amesi afa akɔ na mi. Ameka nènye, be nèle amegbetɔ, si nye nu kukua, kple amegbetɔvi, si wowɔna abe gbe ene la vɔ̃m?


Mi amesiwo nyaa dzɔdzɔenyenye, dukɔ, si ƒe dzi me nye se la le, miɖo tom! Migavɔ̃ amegbetɔwo ƒe fewuɖuɖu o, eye woƒe vlodoame megaɖe dzi le mia ƒo o!


Amekae le ŋɔ dzim na wò, eye ameka vɔ̃m nèle, be nèzu alakpatɔ, meɖo ŋku dzinye o, eye nya mede dzigbɔ na wò o? Esi mezi kpi eteƒe didi la, menye eyatae negbem vɔvɔ̃ ɖo oa?


Woayra mi, ne amewo alé fu mi, eye woaɖe mi le woƒe ha me, eye woadzu mi, eye woatso miaƒe ŋkɔ aƒu gbe abe vɔ̃ ene le Amegbetɔvi la ta.


Eye esia nye Yohanes ƒe ɖaseɖiɖi, esi Yudatɔwo dɔ nunɔlawo kple Lewitɔwo ɖa tso Yerusalem, bena woabiae bena: Ameka nenyea?


Woaɖe mi le woƒe ha me, ẽ, gaƒoƒo li gbɔna bena, amesiame, si awu mi la, abu xa bena, yele subɔsubɔdɔ wɔm na Mawu.


Eye nusiawo megbe la Yosef tso Arimatia, amesi nye Yesu ƒe nusrɔ̃la le adza me le vovɔ̃ na Yudatɔwo ta la, bia Pilato bena, yeaɖe Yesu ƒe kuku la ɖe anyi, eye Pilato na mɔe. Tete wòva, eye wòɖe Yesu ƒe kuku la ɖe anyi.


Azɔ esi kwasiɖa ƒe ŋkeke gbãtɔ ma ƒe fiẽsi ɖo, eye afisi nusiawo le la ƒe ʋɔtru le tutu le vɔvɔ̃ na Yudatɔwo ta la, Yesu va tsi tre ɖe wo titina, eye wògblɔ na wo bena: Ŋutifafa na mi!


Gake la amea ɖeke megblɔe le eŋuti kple dzideƒo o; elabena wovɔ̃ Yudatɔwo.


Ke Yudatɔwo mexɔe se le eŋuti bena, ŋkuagbãtɔ wònye tsã hele nu kpɔm o, vaseɖe esime woyɔ amesi gale nu kpɔm la, ƒe dzilawo vɛ.


ke alesi wɔ wòle nu kpɔm azɔ la, míenyae o, alo amesi nu ŋkuwo ne la, míenyae o; mibia eya ŋutɔ, etsi, aƒo nu le eɖokui ŋuti.


Woxɔ dzi gblɔ nɛ bena: Nuvɔ̃ me pete wodzi wò ɖo, eye wòa nèle nu fiãm mi mahã? Eye wonyae do goe.


Yesu se bena, wonyae ɖo goe, eye esi wokpɔe la, egblɔ bena: Ele Mawuvi la dzi xɔm le sesem mahã?


Eye esi woyɔ wo vɛ la, wode se na wo bena, woagagblɔ nyaa ɖeke alo afia nu hã le Yesu ƒe ŋkɔ dzi akpɔ gbeɖe o.


Ke amesiwo susɔ la, wo dometɔa ɖeke meɖoa dzi tena ɖe wo ŋu o, hafi boŋ dukɔ la bua wo ŋutɔ.


Tete woɖo toe; eye esi woyɔ apostoloawo ve la, woƒo wo, eye wode se na wo be, woagaƒo nu le Yesu ƒe ŋkɔa dzi o, eye wodo mo wo.


Ke vɔvɔ̃nɔtɔwo kple dzimaxɔsetɔwo kple fewɔlawo kple hlɔ̃dolawo kple matrewɔlawo kple afakalawo kple trɔ̃subɔlawo kple aʋatsokalawo katã la woakpɔ wo tɔ gome le ta, si le bibim kple dzo kpakple dzokpe la me Esia enye ku evelia.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa