Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yohanes 8:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Eye esi wogale ebiabia dzi la, efɔ kɔ te, eye wògblɔ na wo bena: Amesi ke nuvɔ̃ mele eŋuti le mia dome o la, netre kpe la fɔfɔ ƒui.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

7 Esi woganɔ fu ɖem nɛ kokoko be neɖo nya la ŋu na yewo la, efɔ kɔ dzi gblɔ na wo be “Mia dometɔ si mewɔ nu vɔ̃ kpɔ o la netre kpe la ƒuƒui!”

Onani mutuwo Koperani




Yohanes 8:7
18 Mawu Ofanana  

Amea, ɖewo ƒe nuƒoƒo le abe yitɔame ene; ke nunyalawo ƒe aɖe daa gbe le ame ŋu.


Yehowa be: Ɖe nye nya mele abe dzo ene, eye abe zũ, si agba agakpe gudugudu la ene oa?


Atikplɔtɔwo ɖo ŋu bena Amea ɖeke meƒo nu ale, abe alesi amesia ƒo nui ene kpɔ o.


Eye esi Yesu fɔ kɔ te, eye mekpɔ amea ɖeke o negbe nyɔnua ko la, egblɔ nɛ bena: Nyɔnu, afika amesiwo le nuwò tsom la le? Ɖe amea ɖeke mebu fɔ wò o mahã?


Eye wògado dɔgɔ̃e hetsɔ eƒe asibide ŋlɔ nu ɖe anyigba.


Mina amenuveve kple dze nanɔ miaƒe nya me ɖaasi, bena mianya alesi wòdze be, miaɖo nya ŋuti na amesiame.


Eye ɣletivi adre le eƒe nuɖusi me, eye yi ɖaɖi: nuevee do tso eƒe nu me, eye eƒe mo le keklẽm, abe alesi ɣe klẽna sesĩe ene.


Eye yi ɖaɖɛ do tso eƒe nu me, bena wòatsrɔ̃e adza dukɔwo, eye woatso gatikplɔ akplɔ wo, eye wòafanya weintsetsewo le Mawu, ŋusẽkatãtɔ la, ƒe dɔmedzoedziku ƒe weinfiãnu la me.


Azɔ trɔ le wò dzi me: ne menye nenem o la, mava gbɔwò kaba, eye matsɔ nye nu me yi awɔ aʋa kpli wò.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa