Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yohanes 8:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Ke wogblɔ esia hele etem kpɔ, bena yewoakpɔ nyaa ɖe atso enu. Eye Yesu do dɔgɔ̃e, eye wòtsɔ asibide ŋlɔ nu ɖe anyigba.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

6 Ame siawo bia nya sia Yesu be yewoatsɔ atre mɔ nɛ ale be ne wògblɔ nya aɖe ko la, yewoatsɔ nya ɖe eŋu. Ke Yesu bɔbɔ ta tsɔ eƒe asibidɛ ŋlɔ nue ɖe anyigba.

Onani mutuwo Koperani




Yohanes 8:6
27 Mawu Ofanana  

Dzatavi enye Yuda. Le nuléle ta, vinye, anɔ to dzi. Emlɔ anyi tsyɔ akɔ abe dzatatsu ene, eye abe dzatanɔ ene; ameka ate ŋu aʋuʋui?


Dawid ƒe ha na henɔ Yedutun.


Amesi dzre metsɔ egbɔ nya o, hafi wòku dzi nɛ la, ele to na avũ, si tso me yina.


nuvuvuɣi li, nye nutɔɣi li; ɖoɖoeziɣi li, eye nuƒoɣi li;


Wò Yehowa, Israel ƒe nukpɔkpɔ, amesiwo katã gblẽ wò ɖi la ŋu akpe wo! Woaŋlɔ amesiwo ɖe megbe le ŋuwò la ƒe ŋkɔ ɖe kewɔ me; elabena wogblẽ Yehowa, tsi gbagbe vudo la ɖi!


Enumake kasia amegbetɔ ƒe asibiɖe va ŋlɔ nu ɖe fiasã la ƒe gli, si wosi akalo na la ŋu le akaɖitia ŋgɔdze. Eye esi fia la kpɔ asi, si ŋlɔ nua la,


Wole fu amesi xlɔ̃a nu ame le ʋɔnu, eye wonyɔ ŋu nyateƒetola.


Eyata nunyala ƒe nu nede gã le ɣemaɣi, elabena ɣeyiɣi vɔe wònye.


ŋutsu, siwo katã kpɔ ŋutikɔkɔe kple dzesi, siwo mewo le Egipte kple gbeadzi, gake wotem kpo zi ewo, eye womeɖo to nye gbe o la,


Kpɔ ɖa, nye la mele mia dɔm abe alẽwo ene ɖe amegãxiwo dome; eyaŋuti midze adaŋu abe dawo ene, eye midza abe ahɔ̃nɛwo ene.


Ke meɖo nyaa ɖeke ŋu ne o. Eye esi eƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ la, woɖe kuku nɛ gblɔ bena: Do mɔe, ne wòayi; elabena ele ɣli ɖom le mia yome.


Eye farisitɔwo kple zadukitɔwo va egbɔ, eye wole etem kpɔ biae bena, wòafia dzesi yewo tso dziƒo.


Eye farisitɔwo va egbɔ, eye wotee kpɔ gblɔ bena: Alo woɖe mɔ na ame bena, wòaɖe asi le srɔ̃a ŋu le nya sia nya ŋuti mahã?


Ke esi Yesu dze si woƒe vɔ̃ɖinyenye la, egblɔ bena: Nukaŋuti miele teyem kpɔ? Alakpatɔwo!


Eye wo dome ame ɖeka, si nye sefiala la, biae hele etem kpo bena:


Ke Yesu zi kpi. Eye nunɔlagã la xɔ edzi gblɔ nɛ bena: Meta Mawu gbagbe la na wò, be nagblɔe na mí nenye wòe nye Kristo, Mawuvi la!


Eye farisitɔwo va egbɔ, eye wobiae hele etem kpɔ bena: Alo woɖe ma na ŋutsu bena, wòaɖe asi le srɔ̃a ŋu mahã?


Ke esi wòdze si woƒe alakpadada la, egblɔ na wo bena: Nuka miele teyem kpɔ mahã? Mitsɔ denario la vɛ, ne makpɔ!


Eye wole ŋudzɔ nɛ be, aɖa gbe le eŋu le Sabat dzi loo, bena yewoatso enu.


Eye farisitɔwo do go va, eye wode asi nusese me kplii hele dzesi biamii tso dziƒo hele etem kpo.


Eye kpɔ ɖa, sefialaa ɖe tsi tre le etem kpɔ gblɔ bena: Nufiala, nuka mawɔ, be manyi agbe mavɔ dome mahã?


Eye bubuwo le etem kpɔ hele dzesi dim tso egbɔ tso dziƒo.


Eye le ŋdikanya la egava mawuƒe la me, eye ameha la katã va egbɔ, eye esi wòbɔbɔ nɔ anyi la, efiã nu wo.


Migana miate Kristo akpɔ, abe alesi wo dome amea ɖewo tee kpɔ fe ye dawo tsrɔ̃ wo ene la o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa