Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yohanes 8:47 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

47 Amesi tso Mawu me la, sea Mawu ƒe nyawo; miawo la miele wo sem o, le esi mietso Mawu me o la ta.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

47 Ame si nye Mawu tɔ la ɖoa to Mawu ƒe nyawo. Susu si ta mieɖoa to Mawu ƒe nyawo o ɖo lae nye be mienye etɔwo o.”

Onani mutuwo Koperani




Yohanes 8:47
17 Mawu Ofanana  

Woatia ame geɖewo, woakɔ wo ŋuti, eye woado wo akpɔ kple dzo; eme vɔ̃ɖiwo awɔ nu vɔ̃ɖi, eye eme vɔ̃ɖiwo katã mase egɔme o, ke nunyalawo ase egɔme.


Amesi le gbeyem, eye mexɔa nye nyawo o la, ekpɔ amesi le ʋɔnu drɔ̃mi; nya, si megblɔ la, eya ke ladrɔ̃ ʋɔnui le nuwuwuŋkeke la dzi.


Tete Pilato gblɔ nɛ bena: Ekema fia nènye ni? Yesu ɖo ŋu bena: Wòe le egblɔm bena, fia menye. Nye la, esia ta wodzim ɖo, eye esia ta meva xexeame ɖo, bena maɖi ɖase na nyateƒe la. Amesiame, si tso nyateƒe me la, ɖoa to nye gbe.


Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Gaƒoƒo gbɔna, eye wòde azɔ, esime ame kukuwo ase Mawuvi la ƒe gbe, eye amesiwo see la, woanɔ agbe.


Eye wògblɔ bena: Le esia ta megblɔ na mi bena, amea ɖeke mate ŋu ava gbɔnye o, ne menye ɖe wonae tso Fofonye gbɔ o.


Menyae bena, Abraham ƒomea wo mienye; gake miedi be, yewoawum, elabena nye nya la mexɔ dzi na mi o.


Nukaŋuti miele si dzem nye nuƒoƒo oa? Elabena miate ŋu ase nye nya la o.


Ke nye la, le esi mele nyateƒe gblɔm ta la, miele dzinye xɔm le sesem o.


Esia me mawuviwo kple abosamviwo dze ƒã le. Amesiame, si mewɔa nu dzɔdzɔe o, kple amesi ke melɔ̃a nɔvia o la, metso Mawu me o.


Amesiame, si xɔse bena, Yesu ye nye Kristo la, Mawu me wodzii tso, eye amesiame, si lɔ̃a amesi dzii la, elɔ̃a amesi ke wodzi tso eyama me hã.


Amesiame, si da vo ɖe Kristo ƒe nufiafia ŋu, eye menɔa eme o la, Mawu mele esi o; eye amesi noa Kristo ƒe nufiafia me la, Fofo la kple Vi la le esi.


Lɔlɔ̃tɔ, megasi nu vɔ̃ɖi o, ke srɔ̃ nu nyui boŋ. Amesi wɔa nu nyui la, Mawu gbɔ wòtso, eye amesi woa nuvɔ̃ la, mekpɔa Mawu o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa