Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yohanes 8:41 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

41 Miele mia fofo la ƒe nuwɔnawo wɔm. Wogblɔ ne bena: Miawo la menye ahasiviwo míenye o; fofo ɖekae li na mí, eyae nye Mawu.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

41 Nu siwo mia fofo wɔ la wɔm miele.” Woɖo eŋu nɛ be, “Míawo la, menye ahasiviwo míenye o. Fofo ɖeka si le mía si lae nye Mawu ŋutɔ.”

Onani mutuwo Koperani




Yohanes 8:41
17 Mawu Ofanana  

Gblɔ na Farao bena: Ale Yehowa gblɔ esi: Israel la nye ŋgɔgbevie!


Wòe nye mía fofo, elabena Abraham menya mí o, eye Israel medze si mí o. Wò Yehowa enye mía fofo, eye ŋkɔwòe nye „mía ɖela“ tso gbaɖegbe ke.


Yehowa, megado dɔmedzoe akpa o, eye megaɖo ŋu vodada ɖaa o! Kpɔ ɖa, trɔ kɔ ɖe afi, wò dukɔ mí katã míenye!


Megblɔ be: Matso wò aɖo viŋutsu teƒe, eye mana anyigba nyo la wò, si nye domenyinu vevietɔ le dukɔwo dome! Mehe. Yɔm be ye fofo, eye megatrɔ le yonyeme o.


Efrayim la, vi vevi kple vi malɔ̃nugbɔa wònye nama? Elabena ne menya ƒo nu le eŋu ko la, nye ŋku nɔa eyama dzi ɖaa; eyata nye dɔme le tɔtrɔm ɖe eŋu, makpɔ nublanui nɛ kokoko, Yehowa ye gblɔe.


Esi Yehowa dze nuƒoƒo gome kple Hosea la, Yehowa gblɔ na Hosea bena: Yi naɖe gbolo, ne wòadzi ahasiviwo na wò; elabena anyigba la wɔ gbolo, eye wòtrɔ le Yehowa yome!


Vi ɖea bubu fofoa ŋu, eye kluvi dea bubu eƒe aƒetɔ ŋu mi nunɔla, siwo ɖoa vlo nye ŋkɔ la, ale Yehowa Zebaot gblɔ na mi enye si: Nenye Fofo menye la, afika nye bubu le, eye nenye Aƒetɔ menye la, afika vɔvɔ̃, si le ŋunye la le? Eye ne miegblɔ be: Nuka mietsɔ do vlo wò ŋkɔe ha la?


Yuda wɔ nu tovo, eye wowɔ ŋunyɔnu le Israel kple Yerusalem. Elabena Yuɖa gblẽ kɔ ɖo na Yehowa ƒe kɔkɔeƒe, si gbɔ melɔ̃a nu le o, eye wode mawu tutɔ ƒe nyɔnuvi.


Nye lã nusiwo ke mekpɔ le Fofonye gbɔ la, eya megblɔna, eye miawo hã nusiwo miese tso: mia fofo gbɔ la, eya miewɔna.


Miawo la mietso fofo, si nye Abosam la me, eye mia fofo ƒe nudzodzrowo miedina be, miawɔ Eya la amewula wònye tso gɔmedzedzea me, eye mele tsitre ɖe nyateƒe la me o, elabena nyateƒe mele eyama me o. Ne ele aʋatso kam la, eƒoa nu tso eya ŋutɔ ɖokui me, elabena aʋatsokala kple aʋatsokafofo wònye.


Yehowa, mia Mawu ƒe viwo mienye; ne ame ku la, migasi blunui o, eye migalũ dzodome kokoe o;


Dukɔ dzɔlã kple bometsila, ale nèle akpe da mi na Yehowa? Alo menye eya nye fofowò, si wɔ wò oa? Eya ŋutɔe wɔ wò, eye wòɖo wò te.


menye abe Kain, si tso vɔ̃ɖitɔ la me, eye wòwu nɔvia la ene o. Eye nukaŋuti wòwui ɖo? Elabena eƒe dɔwɔwɔwo vɔ̃ɖi, eye nɔvia tɔwo le dzɔdzɔe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa