Miele asi tsam le gli ŋu abe ŋkuagbãtɔwo ene, eye míele asi tsam abe ŋkunɔwo ene. Míekli nu le ŋdɔkutsu dzatsɛ abe le zã me ene, eye miele ame damiwo dome abe ame kukuwo ene!
Nu geɖewo le asinye, be magblɔ, eye madrɔ̃ ʋɔnu le mia ŋuti; ke amesi dɔm ɖa la, enye nyateƒetɔ, eye nusiwo nye hã mese le egbɔ la, nu mawo ke megblɔna na xexeame.
Yesu gblɔ na wo bena: Ne miekɔ Amegbetɔvi la ɖe dzi la, ekema miadze sii bena, nyee; eye bena nyemewɔa naneke le ɖokuinye si o, ke boŋ abe alesi Fofonye fiãm ene la, nu mawo ke megblɔna.