Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yohanes 8:21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Azɔ egagblɔ na wo bena: Nye la mele dzodzo ge, eye miadim, eye miaku ɖe miaƒe nuvɔ̃ la me afisi nye la meyina la, miawo la miate ŋu ava o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

21 Yesu gagblɔ na wo hã be, “Nye la mele dzodzo ge. Miadim, gake miakpɔm o. Miaku ɖe miaƒe nu vɔ̃wo me. Afi si meyina la, miate ŋu ava o.”

Onani mutuwo Koperani




Yohanes 8:21
21 Mawu Ofanana  

Meta Yehowa, wò Mawu ƒe agbe. Dukɔ alo fiaɖuƒea ɖeke meli, afisi nye aƒetɔ medɔ ame ɖo, be woadi wò le o; eye ne wogblɔ be, mele afi o la, ekema enana fiaɖuƒe la kple dukɔ la ka atam nɛ be, womekpɔ wò o.


Ŋusẽ dzodzo nɔ eƒe ƒuwo ŋu, ke woa kplii womlɔ ke me.


Ne ame vɔ̃ɖi la ku la, ekema eƒe mɔkpɔkpɔ nu yi, eye ame vlowo ƒe lala zu ya.


Woatsɔ ame vɔ̃ɖi ƒe vɔ̃wɔwɔ atutui aƒu anyi; ke ame dzɔdzɔe la akpɔ sitsoƒe le eƒe ku me.


Ɖevi, si xa ŋkeke ʋee alo amegã ɖeɖi, si ƒe ŋkekewo mede keŋ o la, magano afima o; elabena amesi xɔ ƒe alafa hafi ku la, ɖevie, eye nuvɔ̃wɔla, si xa ƒe alafa la, fiƒode ava edzi.


Elabena mele egblɔm na mi bena: Tso esia dzi yina la miegale kpɔ ye ge o, vaseɖe esime miagblɔ bena: Woayra amesi gbɔna le Aƒetɔ ƒe ŋkɔ la dzi.


Tete wòagblɔ na amesiwo le mia me la hã bena: Mite ɖa tso gbɔnye, mi amesiwo woƒo fi de; miyi ɖe dzo mavɔ, si wodzra ɖo ɖi na Abosam kple eƒe dɔlawo la me!


Eye woawo la wòayi ɖe fukpekpe mavɔ la me, ke ame dzɔdzɔewo la wòayi ɖe agbe mavɔ la me.


Ke egblɔ esia hefiã ku, si ƒomevi ku ge wòala.


Tete Yesu gblɔ na wo bena: Kekeli la aganɔ mia dome ɣeyiɣi viaɖe ko. Mizɔ azɔli, esi kekeli la le mia gbɔ, bena viviti la nagatu mi o; eye amesi le azɔli zɔm le viviti me la, menyaa afisi wòyina o.


Vinyewo, ɣeyiɣi via ɖe ko maganɔ anyi kpli mi. Miadim, eye abe alesi megblɔ na Yudatɔwo ene bena: Afisi nye la meyina la, miawo la miate ŋu ava o la, nenema kee mele egblɔm na miawo hã azɔ.


Miadim, eye miakpɔm o, eye afisi nye la mele la, miawo la miate ŋu ava o.


Nya ka ƒomevi gɔ̃e nye esia, si wògblɔ bena: Miadim, eye miakpɔm o, eye afisi nye la mele la, miawo la miate ŋu ava o mahã?


Eyata megblɔ na mi bena, miaku ɖe miaƒe nuvɔ̃wo me; elabena ne miexɔe se bena, nyee nye esi o la, miaku ɖe miaƒe nuvɔ̃wo me.


Eye wògba agbe miawo hã, amesiwo nye ame kukuwo le dzidadawo kple nuvɔ̃wo me,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa