Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yohanes 8:20 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

20 Egblɔ nya siawo le nunyuiedzraɖoƒe la, esi wòle nu fiãm le mawuƒe la me; eye amea ɖeke melée o, elabena eƒe gaƒoƒo mede haɖe o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

20 Yesu gblɔ nya siawo, esi wònɔ nu fiam le gbedoxɔ la ƒe teƒe si te ɖe afi si wodaa nunaɖakawo ɖo. Gake ame aɖeke melée o, elabena eƒe ɣeyiɣi la meɖo haɖe o.

Onani mutuwo Koperani




Yohanes 8:20
17 Mawu Ofanana  

elabena agbonudzɔlawo ƒe amegã eneawo ɖo dɔ la me ɖikaa; wonye Lewi-viwo, eye wokpɔa Mawu ƒe aƒe la ƒe xɔwo kple nudzraɖoƒeawo dzi.


Le gaƒoƒo ma dzi Yesu gblɔ na amehawo bena: Alesi wotsona ɖe hlɔ̃dola ŋuti la, nenemae mieva lé ye ge kple yiwo kple kpowo; gbãwotsyogbe mebɔbɔ nɔ anyi ɖe mawuƒe la me le nu fiãm, eye mielém kpɔ o.


Ke nunɔlagãwo fɔ klosalo la gblɔ bena: Womeɖe mɔ bena, woatsɔe ade nudzɔdzɔ me o; elabena ʋuƒlegae.


Eye esi wòbɔbɔ nɔ anyi hedze ŋgɔ nudzɔɖaka la, ekpa alesi amewo le ga dam ɖe nudzɔɖaka la me; eye kesinɔtɔ geɖewo tsɔ geɖe da ɖe eme.


Eye wòyɔ eƒe nusiawo va egbɔ gblɔ na wo bena: Vavã mele egblɔm na mi bena; Ahosi dahe sia ƒe nusi wòtsɔ da ɖe eme la, wu nusi ame siawo tsɔ da ɖe nudzɔɖaka la me;


Eye agbalẽfialawo kple nunɔlagãwo di bena, yewoalée le gaƒoƒo ma me, ke wovɔ̃ dukɔ la, elabena wodze sii bena, edo lo sia ɖe yewo ŋu.


Eye wòfɔ kɔ te kpɔ kesinɔtɔ, siwo tso woƒe nunanawo le dadam ɖe nudzɔɖaka la me.


Tete wogadi bena, yewoalée, ke edo le wo si me heyi.


Yesu gblɔ nɛ bena: Nyɔnu, nya kae le mía kple wò dome mahã? Nye gaƒoƒo meɖo haɖe o.


Ke esi ŋkekenyuie la ƒe afã nu yi la, Yesu yi ɖe mawuƒe la me, eye wòfiã nu.


Tete wodi bena, yewoalée, eye amea ɖeke medo asi ɖe egbɔ o; elabena eƒe gaƒoƒo mede haɖe o.


Ke wo dometɔa ɖewo ɖi be, yewoalée; gake amea ɖeke meɖo asi ɖe egbɔ o.


Miawo la, miheyi ŋkekenyuiea ɖuƒe; nye la nyemeyina ŋkekenyuie sia ɖuƒe o; elabena nye azãgbe la mede vo haɖe o.


Eye le ŋdikanya la egava mawuƒe la me, eye ameha la katã va egbɔ, eye esi wòbɔbɔ nɔ anyi la, efiã nu wo.


Tete wofa kpewo, be yewoaƒui; ke Yesu ɣla eɖokui, eye wòdo go le mawuƒe la me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa