Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yohanes 7:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Yesu gblɔ na wo bena: Nye azãgbe la meɖo haɖe o: ke miawo la miaƒe azãgbe la ɖona ɖaa.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

6 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ɣeyiɣi sia menye ɣeyiɣi nyuitɔ nam be mayi o, ke miawo la, ɣeyiɣi ɖe sia ɖe nyo na mi.

Onani mutuwo Koperani




Yohanes 7:6
10 Mawu Ofanana  

Ke wò Yehowa la, èli tegbee, eye wò ŋkɔ le dzidzimewo katã me.


Egblɔ bena: Miyi ɖe dua me ɖe ame ma gbɔ, eye migblɔ nɛ be na: Nufiala la gblɔ bena: Nye azãgbe la le ɖoɖom, gbɔwò maɖu ŋutitotolẽvi la le kple nye nusrɔ̃lawo.


Eye hafi ŋutitotoŋkekenyuie la naɖo, esi Yesu nya bena, yeƒe gaƒoƒo la ɖo vɔ, bena yeadzo le xexe sia me ayi ɖe Fofoa gbɔ, esi wòlɔ etɔ, siwo le xexeame la, elɔ̃ wo vaseɖe nuwuwu.


Nusiawo Yesu gblɔ, eye woti wu eƒe mo dzi kpɔ dziƒo, eye wògblɔ bena: Fofo, gaƒoƒo la de, kɔ Viwò la ŋuti, bena Viwò hã naka ŋutiwò.


Yesu gblɔ nɛ bena: Nyɔnu, nya kae le mía kple wò dome mahã? Nye gaƒoƒo meɖo haɖe o.


Tete wodi bena, yewoalée, eye amea ɖeke medo asi ɖe egbɔ o; elabena eƒe gaƒoƒo mede haɖe o.


Miawo la, miheyi ŋkekenyuiea ɖuƒe; nye la nyemeyina ŋkekenyuie sia ɖuƒe o; elabena nye azãgbe la mede vo haɖe o.


Egblɔ nya siawo le nunyuiedzraɖoƒe la, esi wòle nu fiãm le mawuƒe la me; eye amea ɖeke melée o, elabena eƒe gaƒoƒo mede haɖe o.


Egblɔ na wo bena: Miawo la mele na mi be, mianya ɣeyiɣi alo azãgbe, siwo Fofo la ɖo le ye ŋutɔ ƒe ŋusẽ nu o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa