48 Ɖe amegãwo alo farisitɔwo dometɔa ɖe xɔ edzi se mahã?
48 Ɖe dumegã aɖe alo Farisitɔ aɖe xɔ ame sia dzi sea?
Le ɣemaɣi me la Yesu ɖo ŋu gblɔ bena: Fofo, dziƒo kple anyigba dzi Aƒetɔ, mekafu wò, elabena ètsɔ nusiawo ɣla ɖe nunyalawo kple nugɔmeselawo, eye nèɖe woawo fia vidzĩewo;
Eye esi Pilato yɔ nunɔlagãwo kple amegãwo kpakple dukɔ la ƒo ƒu la,
Ke amegãwo dometɔ geɖewo xɔ edzi se; gake la le farisitɔwo ta la womeʋu eme o, bena woagaɖe yewole ha me o;
Ke amea de, si tso farisitɔwo dome la li, eŋkɔe nye Nikodemo, eye wònye Yudatɔwo ƒe amegã.
Eye kpɔ ɖa, ele nu ƒom faa, eye womegblɔa nyaa ɖeke nɛ o. Ɖe dumegãwo dze sii vavã bena, amesiae nye Kristo la mahã?
Negbe ameha sia, si mele se la me nyam o la, koe le wo ŋuɖinu wɔm.
Nikodemo, si nye wo dometɔ ɖeka, amesi va egbɔ tsã la, gblɔ na wo bena:
Eye mawunya la keke ta, eye nusrɔ̃lawo ƒe xexlẽme le agba sɔm ŋutɔ le Yerusalem; eye nunɔlawo ƒe ha gãa ɖe hã na ta xɔse la.
Afika nunyala le? Afika agbalẽfiala le? Afika xexe sia me ƒe anukutsyɔla le? Alo menye Mawu trɔ xexe sia me ƒe nunya wòzu bometsitsi o ɖe?
si xexe sia me dziɖulawo dometɔa ɖeke medze sii o, elabena ɖe wodze sii la, anye ne womeklã ŋutikɔkɔe ƒe Aƒetɔ la ɖe atitsoga ŋu o.