Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yohanes 7:35 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

35 Tete Yudatɔwo gblɔ na wo nɔewo bena: Afika amesia le yiyi ge bena, mía te ŋu akpɔe oa? Ɖe wòle, amesiwo kaka ɖe Helatɔwo dome la gbɔ yi ge, eye wòafia nu Helatɔwo mahã?

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

35 Yudatɔwo bia wo nɔewo be, “Afi ka wòle ɖoɖo wɔm be yeadzo ayi, eye míate ŋu akpɔe o? Ɖe wòyina mía nɔvi siwo kaka ɖe Grikitɔwo dome la gbɔ be yeafia nu Grikitɔwoa?

Onani mutuwo Koperani




Yohanes 7:35
29 Mawu Ofanana  

Yehowa tsoa Yerusalem, eƒoa Israel ƒe amesiwo woka hlẽ la, nu ƒu;


Eye woava me le ɣemaɣi be, dukɔwo adi Isai ƒe ke, si nye aflaga li na anyigba dzi dukɔwo la yome, eye eƒe gbɔɖemeƒe anye atsyɔ̃.


Akɔ aflaga dzi na dukɔwo, eye wòaƒo Israel ƒe amesiwo woava de gbe kple Yuda-nyɔnu, siwo wokaka hlẽ la nu ƒu tso anyigba ƒe go eneawo dzi.


Egblɔ bena: Nu tsɛ wònye be, nènye nye dɔla, ne nafɔ Yakob ƒe toawo ɖe tsitrenu, eye nakplɔ Israel ƒe amesiwo woɖe la agbɔe; metsɔ wò ɖo kekeli na dukɔwo hã, ne nanye nye xɔname vaseɖe anyigba ƒe mlɔenu ke.


Aƒetɔ Yehowa, amesi ƒo Israel ƒe ame kahlẽwo nu ƒu la be: Magaƒo amewo nu ƒu akpe ɖe ame ƒoƒuawo ŋu.


Nye ameka, siwo ka hlẽ, amesiwo ɖoa gbe ɖa nam la, atso tɔsisi la ƒe go keme le Kus, eye woahe vɔsanuwo vɛ nam.


Eye dukɔwo lakpɔ mɔ na eƒe ŋkɔ.“


kekeli ƒe nyaɖeɖefia na trɔ̃subɔlawo kple wò dukɔ Israel ƒe ŋutikɔkɔe.


Ke Helatɔa ɖewo le amesi wo yina gbe do ge ɖa le ŋkekenyuiea ɖuƒe la dome;


Le nusiawo megbe la Yesu tsa le Galilea; elabena melɔ̃ be, yeatsa le Yudea o, le esi Yudatɔwo ɖi be, yewoawui ta.


Tete Yudatɔwo gblɔ bena: Ɖe wòyina eɖokui wu ge, esi wògblɔ bena: Afisi nye la meyina la, miawo la miate ŋu ava o mahã?


Eye esi wose nya siawo la, wozi ɖoɖoe, eye wokafu Mawu gblɔ bena: Ekema Mawu na dzimetɔtrɔ trɔ̃subɔlawo hã hena agbe.


Ke esime wo dome ŋutsua ɖewo tso Kipro kple Kirene va Antioxia la, woƒo nu na Helatɔwo hã hele Aƒetɔ, Yesu ŋuti nyanyuie la gblɔm fia wo.


Eye wòva ve me le Ikonio bena, woa kple eve la woyi ɖe Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe la me, eye woƒo nu, ale bena Yudatɔwo kple Helatɔwo dome ame geɖewo xɔe se.


Eye wo dome amea ɖewo xɔe se, eye woku ɖe Paulo kple Sila ŋu kple Helatɔ, siwo vɔ̃a Mawu la dome ame geɖe, kple nyɔnu ŋkutatɔwo, menye ame ʋeea ɖe o.


Eye wòƒo nu le ƒuƒoƒe la le Sabat sia Sabat dzi; eye wòƒoe ɖe wo nu, ale bena Yudatɔwo kple Helatɔwo xɔe se.


eye wose le ŋutiwò bena, èfia nu Yudatɔ, siwo katã le trɔ̃subɔlawo dome, bena wòatrɔ le Mose yome hele gbɔgblɔm bena, womegatso aʋa na wo viwo alo woazɔ le kɔawo nu o.


Eye wògblɔ nam bena; Heyi, elabena mele da wò ge aɖo ɖe trɔ̃subɔlawo dome ʋĩ.


Elabena nyanyuie la mekpea ŋu nam o, elabena enye Mawu ƒe ŋusẽ, si naa agbexɔxɔ amesiame, si xɔna sena la, Yudatɔwo gbã kple Helatɔwo hã.


nye amesi nye ame kɔkɔewo katã dome suetɔ la, wotsɔ amenuveve sia na, bene magblɔ Kristo ƒe kesinɔnu, si mele nyanya tsitsotsito o da afia le trɔ̃subɔlawo dome,


amesiwo Mawu ɖi be, yeana woanya nusi nye nya ɣaɣla sia ƒe ŋutikɔkɔe ƒe kesinɔnyenye le trɔ̃subɔlawo dome, si nye Kristo le mia me, amesi nye ŋutikɔkɔe ƒe mɔkpɔkpɔ,


nusia ŋuti woɖom ɖi menye gbeƒãɖela kple apostolo — nyateƒe gblɔm mele, nyemele aʋatso kam o — kple trɔ̃subɔlawo ƒe nufiala le xɔse kpakple nyateƒe me.


esi nu woɖom menye gbeƒãɖela kple apostolo kpakple trɔ̃subɔlawo ƒe nufiala,


Yakobo, Mawu kple Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe dɔla, do gbe na ƒome wuieve, siwo ka hlẽ la.


Petro, Yesu Kristo ƒe apostolo, ŋlɔ ɖo ɖe amedzro, siwo ka hlẽ ɖe Ponto, Galatia, Kapadokia, Asia kple Bitinia, amesiwo nye ame tiatiawo


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa