Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yohanes 7:33 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

33 Tete Yesu gblɔ bena: Manɔ anyi kpli mi ɣeyiɣi via ɖe ko, eye magblẽ mi ɖi ayi amesi dɔm ɖa la gbɔ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

33 Yesu gblɔ be, “Ɣeyiɣi kpui aɖe ko maganɔ mia gbɔ hafi matrɔ ayi ame si dɔm la gbɔ.

Onani mutuwo Koperani




Yohanes 7:33
16 Mawu Ofanana  

Esi Aƒetɔ la ƒo nu na wo vɔ megbe la, wokɔe tẽ yi dziƒo, eye wòbɔbɔ nɔ anyi ɖe Mawu ƒe nuɖusi me.


Eye hafi ŋutitotoŋkekenyuie la naɖo, esi Yesu nya bena, yeƒe gaƒoƒo la ɖo vɔ, bena yeadzo le xexe sia me ayi ɖe Fofoa gbɔ, esi wòlɔ etɔ, siwo le xexeame la, elɔ̃ wo vaseɖe nuwuwu.


esi Yesu nya bena, Fofoa tsɔ nuwo katã de esi me, eye bena Mawu gbɔ wòtso va, eye wogale Mawu gbɔ yi ge la,


Vinyewo, ɣeyiɣi via ɖe ko maganɔ anyi kpli mi. Miadim, eye abe alesi megblɔ na Yudatɔwo ene bena: Afisi nye la meyina la, miawo la miate ŋu ava o la, nenema kee mele egblɔm na miawo hã azɔ.


Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Amesi xɔa dzinye sena la, dɔ, siwo wɔm mele la, eya hã awɔe; eye gatɔwo wu esiawo wòawɔ, elabena nye la meyina Fofo la gbɔ.


Esusɔ ʋee ko, eye xexeame megale kpɔ ye ge o; ke miawo la miakpɔm; elabena nye la mele agbe, eye miawo hã mianɔ agbe.


Miese alesi megblɔ na mi bena: Mele dzodzom, eye magava mia gbɔ. Ɖe mielɔ̃m la, ne miekpɔ dzidzɔ bena, meyina Fofo, amesi lolo wum la gbɔ.


le dzodzoenyenye ŋuti, elabena meyina Fofo la gbɔ, eye miagakpɔm o;


Metso Fofo la gbɔ, eye meva xexeame: megale xexeame gblẽm ɖi, eye meyina Fofo la gbɔ.


Eye azɔ la meyina amesi dom ɖa la gbɔ, eye mia dometɔa ɖeke mebiam bena: Afika neyina o.


Eye nyemegale xexeame o, ke woawo le xexeame, eye nye la megbɔna gbɔwò. Fofo kɔkɔe, dzra wo ɖo ɖe wò ŋkɔ, si nètsɔ nam la me, bena woazu ɖeka abe miawo ene!


Ke azɔ la megbɔna gbɔwò, eye mele nusiawo gblɔm le xexeame, bena nye dzidzɔ la nanɔ wo me, ayɔ wo fũ.


Yesu gblɔ nɛ bena: Megaka asi ŋunye o; elabena nyemekpɔ yi dziƒo, Fofo la gbɔ, haɖe o, ke yi nɔvinveŋutsuwo gbɔ, eye nagblɔ na wo bena: Meyina dziƒo ɖe Fofonye kple miawo hã mia Fofo, nye Mawu kple miawo hã mia Mawu la gbɔ.


Ele nam bena, mawɔ amesi dɔm ɖa la ƒe dɔwɔwɔwo, zi alesi ŋkeke li; zã gbɔna dodo ge, le esi me amea ɖeke mate ŋu awɔ dɔ o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa