Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yohanes 7:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Tete la nɔviawo gblɔ nɛ bena: Dzo le afisia, eye nayi Yudea, bena wò nusrɔ̃lawo hã nakpɔ wò dɔwɔwɔ, siwo nèwɔna.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 Yesu nɔviŋutsuwo gblɔ nɛ be, “Ele be nàdzo le afi sia ayi Yudea, be wò nusrɔ̃lawo nakpɔ nukunu siwo nèwɔna la.

Onani mutuwo Koperani




Yohanes 7:3
17 Mawu Ofanana  

Mina miawui, eye miatsɔe aƒu gbe ɖe ɖoa ɖe me, eye míagblɔ bena, lã wodaa ɖe vuvui, ekema miakpɔ nusi eƒe drɔ̃e la ava zu.


Elabena nɔviwòwo kple tofowò ƒemetɔwo hã trɔ le yowòme, woawo hã le ɣli dom ɖe yowòme sesĩe, megaɖo dzi ɖewo ŋu o, nenye be, wole nya ŋɔŋɔe gblɔm na wò hã.


Ke esi wogale nu ƒom na amehawo la, kpɔ ɖa, dadaa kple nɔviawo le tsitre le xexe le didim be, yewoaƒo nu kpakplii.


Eye esi etowo see la, wodo go yi ele ge; elabena wogblɔ be: Eƒe tame da!


Eye dadaa kple nɔviawo va afima, eye wole tsi tre le xexe, da ame ɖe egbɔ be, woayɔe ɖa.


Eye dadaa kple nɔviawo va egbɔ, eye womete ŋu te ɖe eŋu o le ameha la ŋuti.


Eye wogblɔ nɛ bena: Dawò kple nɔviwòwo le tsitre le xexe le didim be, yewoakpɔ wò.


eye wokpe Yesu hã kple eƒe nusrɔ̃lawo va srɔ̃ɖeƒe.


Azɔ eƒe nusrɔlawo dome ame geɖewo, esi wose esia la, wogblɔ bena: Esia nye nya sesẽ; ameka ate ŋu asee mahã?


Tso esia dzi la eƒe nusrɔlawo dome ame geɖewo de megbe, eye womegazɔna kpakplii o.


Ke esi nɔviawo yi ŋkekenyuiea ɖuƒe la, eya hã yi, menye le gaglãgbe o, ke boŋ le adza me.


Elabena amea ɖeke mewɔa naneke le ɣaɣlaƒe, eye wòdina be, ye ŋuta vea dze le gaglãgbe o. Ne ewo esiawo la, ekema ɖe ɖokuiwò fia xexeame.


Elabena nɔviawo ke hã mexɔ edzi se o.


Tete la Petro kple ame wuiɖekɛawo tsi tre, eye wòkɔ eƒe gbe dzi gblɔ na wo bena: Yudea-ŋutsuwo kple mi amesiwo katã nɔa Yerusalem, minya esia, eye mina nye nyawo nayi ɖe miaƒe towo me;


Esi nɔvia xoxoetɔ Eliab se, alesi wòle nu ƒom kple ameawo la, dzi ku Eliab ɖe Dawid ŋu wògblɔ bena: Nuka wɔ ge nèva, eye ameka si netsɔ alẽ ʋee mawo ɖee le gbeadzi? Menya dàda kple vovlo, si le wò dzi me, elabena aʋa teƒe kpɔ ge nèva!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa