Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yohanes 7:27 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

27 Ke amesia la mienya afisi wòtso; gake ne Kristo ava la, amea ɖeke manya afisi wòtso o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

27 Míenya afi si ame sia tso. Ne Kristo la va la, ame aɖeke manya afi si wòtso o.”

Onani mutuwo Koperani




Yohanes 7:27
14 Mawu Ofanana  

Eye atilɔ amie tso Isai ƒe atitakpo me, eye dzedze atso eƒe ke me atse ku.


Woɖee le xaxa kple ʋɔnudɔdrɔ̃ me, eye eŋɔlimeviwo dometɔ kae bu eŋuti kpɔ be, woɖee ɖa le agbagbeawo ƒe anyigba dzi, eye wowɔ fui le nye dukɔ ƒe dzidadawo ta?


Yehowa be: Kpɔ ɖa, ŋkekewo li gbɔna, eye dzidzimevi dzɔdzɔea ɖe ado na Dawid, aɖu dzi abe fia ene, eye woawo nu ɖe nunya me, adrɔ̃ ʋɔnu ɖe eteƒe, eye wòawɔ nu dzɔdzɔe le anyigba dzi.


Woƒe amegã ado tso wo dome, eye wo dziɖula ado tso wo titina; mana woate va agogom, elabena amekae ado dzi, be yeate ɖe ŋunye ma? Yehowa ye gblɔe.


Eyata atsɔ wo aɖe asi vaseɖe ɣeyiɣi, si funɔa ɖe nadzi vi; emegbe nɔviawo ƒe mamlea atrɔ agbɔ akpe ɖe Israel-viwo ŋu.


Alo amesia la, de menye atikpala, si nye Mana vi la, kple Yakobo, Yose, Yuda kpakple Simon nɔvi lae o mahã? Eye nɔvianyɔnuwo hã mele mía dome afisia o mahã? Eye wòzu nuɖiaɖia na wo le eyama ŋuti.


Eye ameawo katã ɖi ɖase nɛ, eye woƒe mo wo yaa le amenuvevenya, siwo do go tso eƒe nu me lã ŋuti, eye wogblɔ bena: Alo amesia la menye Yosef vie o ɖe?


Eye wogblɔ bena: Alo amesia la menye Yesu, Yosef vi la, amesi toto kple dada miawo mienyã lae o ɖe? Azɔ aleke wɔ amesia le gbɔgblɔm bena: Meɖi tso dziƒo va mahã?


Eyaŋuti Yudatɔwo tsi yaa gblɔ bena: Aleke wo amesia nya agbalẽ, esi nasrɔ̃ nu kpo o mahã!


Mienya bena, Mawu ƒo nu kple Mose; ke amesia la mienyã afisi wòtso o.


Le eƒe bɔbɔɖeanyi me woɖe eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ ɖa: Ameka axlẽ eƒe dzidzime afia mahã? Elabena woɖe eƒe agbe ɖa tso anyigba dzi.“


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa