Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yohanes 7:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Amesi le nu ƒom le ye ŋutɔ ɖokui ŋuti la, dia ye ŋutɔ ƒe kafukafu: ke amesi le amesi ɖoe ɖa la ƒe kafukafu dim la, eyae nye nyateƒetɔ, eye nu madzɔmadzɔ mele eyama me o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

18 Ame si le nu ƒom le eɖokui si la, ele kafukafu dim na eɖokui, gake ame si le didim be yeade bubu ame si dɔe ŋuti la, enye nyateƒetɔ, alakpa aɖeke mele eme o.

Onani mutuwo Koperani




Yohanes 7:18
19 Mawu Ofanana  

Anyitsi geɖe nono menyo o; ke nya sesẽwo me dzodzro enye bubu.


Ke Mose ɖo ŋu nɛ bena: Wòe le ŋu ʋã ge ɖe nunyea? Oo, Yehowa mana eƒe gbagba nava dukɔ blibo la dzi, eye wòatrɔ zu Yehowa ƒe nyagblɔɖilawo dzro oa?


Eyata miawo mido gbe ɖa ale: Mía Fofo, si le dziƒowo! Wò ŋkɔ ŋuti nakɔ!


Eye esi Yesu see la, egblɔ bena: Dɔ sia menye kudɔe o, ke boŋ hena Mawu ƒe ŋutikɔkɔe, bena woakɔ Mawuvi la ŋuti to eyama me.


Fofo, kɔ wò ŋkɔ ŋuti. Tete gbe ɖi tso dziƒo gblɔ bena: Mekɔ eŋuti xoxo, eye magakɔ eŋuti.


elabena wolɔa amewo ƒe bubu wu Mawu ƒe bubu.


Nyemexɔa kafukafu tso amewo gbɔ o.


Yesu ɖo ŋu bena: Nenye ɖe mekafu ɖokuinye la, ekema nye kafukafu la menye naneke o; Fofonye li, amesi miawo miele gbɔgblɔm bena, enye miaƒe Mawu la, eyae le kafuyem.


Eye miedi bubu tso amewo gbɔ hã o, eɖanye miawo alo ame bubuwo gbɔ o, wònye míate ŋu aɖo ame mía ɖokui abe Kristo ƒe apostolowo ene hafi,


Ne amea ɖe le nya gblɔm la, negblɔe abe mawunya ene; ne amea ɖe le subɔsubɔm la, netsɔ ŋusẽ, si Mawu tsɔ kee la subɔ, bene woakafu Mawu le nuwo katã me to Yesu Kristo dzi, amesi tɔ lanye ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Amen.


Ne mienyae bena, dzɔdzɔetɔ wònye la, ekema midze sii be, amesiame, si le nu dzɔdzɔe wɔm la, egbɔ wodzi eya hã tso.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa