Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yohanes 7:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Tete Yesu ɖo ŋu na wo, eye wògblɔ bena: Nye nufiafia la menye tonye o, ke boŋ amesi dom ɖa la tɔe.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

16 Yesu ɖo eŋu be, “Nye la, nyemele nu siwo menya la fiam o, ke boŋ etso Mawu si dɔm ɖa la gbɔ.

Onani mutuwo Koperani




Yohanes 7:16
14 Mawu Ofanana  

Ɖe mèxɔe se bena, mele Fofo la me, eye Fofo la hã le menye o mahã? Nya, siwo gblɔm mele na mi la, nyemegblɔ wo le ɖokuinye si o, ke Fofo, si nɔ menye la, le eƒe dowo wɔm.


Amesi mele lɔ̃yem o la, meléa nye nyawo me ɖe asi o, eve nya, si sem miele la, menye tɔnyee o, ke boŋ Fofo, si dɔm ɖa la tɔe.


Nye la metsɔ wò nya la na wo, eye xexeame lé fu wo, elabena wometso xexeame o, abe alesi nye hã nyemetso xexeame o ene.


elabena nya, siwo netsɔ nam la, metsɔ wo na wo, eye woxɔ wo, eye wonyae vavã bena, gbɔwò medo go tso, eye woxɔe se bena, wòe dɔm ɖa.


Vavã, vavã mele egblɔm na wò bena: Míeƒoa nu le nusi mienyã la ŋuti, eye mieɖia ɖase le nusi míekpɔ la ŋuti, eye miexɔa miaƒe ɖaseɖiɖi la o.


Amesi tso dziƒo gbɔna la, eya ƒo wo katã ta; amesi tso anyigba la, anyigba wòtso, eye anyigbanuwo ŋu wò ƒoa nu lena; amesi tso dziƒo gbɔna la, eya ƒo wo katã ta.


Nyemele naneke wɔm le ɖokuinye si o; abe alesi mesena la, nenema ŋu medrɔ̃a ʋɔnu ɖo, eye nye ʋɔnudɔdrɔ̃ la le dzɔdzɔe, elabena nyemedia nye ŋutɔ nye lɔlɔ̃nu o, ke boŋ amesi dɔm ɖa la ƒe lɔlɔ̃nu ko.


Amea ɖeke mate ŋu ava gbɔnye o, ne menye Fofo, si dɔm da lae hee vɛ o, eye nye la mafɔe ɖe tsitre le nuwuwuŋkeke la dzi.


Yesu gblɔ na wo bena: Ne miekɔ Amegbetɔvi la ɖe dzi la, ekema miadze sii bena, nyee; eye bena nyemewɔa naneke le ɖokuinye si o, ke boŋ abe alesi Fofonye fiãm ene la, nu mawo ke megblɔna.


Amesiame, si da vo ɖe Kristo ƒe nufiafia ŋu, eye menɔa eme o la, Mawu mele esi o; eye amesi noa Kristo ƒe nufiafia me la, Fofo la kple Vi la le esi.


Yesu Kristo ƒe nyaɖeɖefia, si Mawu tsɔ nɛ, be wòafia nusiwo lava ve me kaba la, eƒe dɔlawo la, enye esi; eye wòto eƒe mawudɔla, si wòdɔ ɖa la, dzi heɖe wo me fia eƒe dɔla Yohanes,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa