Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yohanes 7:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Eyaŋuti Yudatɔwo tsi yaa gblɔ bena: Aleke wo amesia nya agbalẽ, esi nasrɔ̃ nu kpo o mahã!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

15 Ewɔ nuku na Yudatɔwo ƒe amegãwo ŋutɔ esi wose nu siwo gblɔm wònɔ le gbedoxɔ la me. Wobia be, “Aleke ame sia wɔ nya nu siawo, togbɔ be mede suku aɖeke o?”

Onani mutuwo Koperani




Yohanes 7:15
18 Mawu Ofanana  

Eye ne wotsɔ agbalẽ la na ame manyagbalẽ gblɔ be: Xlẽe la, aɖo ŋu be: Nyemenya agbalẽ o.


Eye esi wòva fofoawo ɖe la, efiã nu wo le woƒe ƒuƒoƒe, ale bena kuvia ɖo wo wogblɔ bena: Afika amesia kpo nenem nunya kple ŋusẽawo tsoe mahã?


Eye esi wosee la, wotsiyaa, eye wogblẽe ɖi hedzo.


Eye esi amehaawo see la, kuvia ɖo wo le eƒe nufiafia la ŋuti.


eye amesiwo katã see la, woƒe mo wɔ yaa le eƒe nugɔmesese kple eƒe ŋuɖoɖowo ŋuti.


Eye ameawo katã ɖi ɖase nɛ, eye woƒe mo wo yaa le amenuvevenya, siwo do go tso eƒe nu me lã ŋuti, eye wogblɔ bena: Alo amesia la menye Yosef vie o ɖe?


Eye esia nye Yohanes ƒe ɖaseɖiɖi, esi Yudatɔwo dɔ nunɔlawo kple Lewitɔwo ɖa tso Yerusalem, bena woabiae bena: Ameka nenyea?


Azɔ Yudatɔwo dii le ŋkekenyuiea ɖuƒe, eye wogblɔ bena: Afika ame ma le?


Gake la amea ɖeke megblɔe le eŋuti kple dzideƒo o; elabena wovɔ̃ Yudatɔwo.


Atikplɔtɔwo ɖo ŋu bena Amea ɖeke meƒo nu ale, abe alesi amesia ƒo nui ene kpɔ o.


Eye esi wòɖe eɖokui nu alea la, Festo gblɔ kple gbe sesẽ bena: Ele tsu kum, Paulo, agbalẽsɔsrɔ̃ geɖe wɔ wò nèzu tsukuno!


Ke esi wokpɔ Petro kple Yohanes ƒe dzideƒo, eye wose bena, ame masrɔ̃nuwo kple ame manyanuwo wonye la, woƒe mo wɔ yaa, eye wodze si wo hã bena, woa kple Yesu wonɔ anyi.


Esi amesiwo katã nyae tsã, kpo be, ele nya gblɔm ɖi kpe ɖe nyagblɔɖilawo ŋu la, amewo bia wo nɔewo bena: Nuka le Kis ƒe vi la wɔm? A, Saul hãe le nyagblɔɖilawo ɖomea?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa