Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yohanes 6:70 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

70 Yesu xɔ dzi na wo bena: Menye nyee da mi ame wuieve oa? Eye mia dometɔ ɖeka nye abosam!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

70 Yesu gblɔ nɛ be, “Mi ame wuievee metia, gake mia dometɔ ɖeka nye Abosam!”

Onani mutuwo Koperani




Yohanes 6:70
21 Mawu Ofanana  

Menye mi katã ŋuti mele egblɔm ɖo o; menya amesiwo metia, gake bena woawu ŋɔŋlɔ la nu bena: „Amesi le abolo ɖum kplim la, kɔ eƒe afɔkpodzi dzi ɖe ŋunye.“


Eye le fiẽnuɖuƒe, esi Abosam ɖee Yuda Iskariot, Simon vi la, ƒe dzi me xoxo bena, wòafia eyome mɔ,


Esi Yesu gblɔ esiawo la, eʋuʋu kpẽkpẽkpẽ le gbɔgbɔ me, eye wòɖi ɖase gblɔ bena: Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Mia dometɔ ɖeka lafia yonyeme mo


Eye le alɔgomedede la megbe la, tete Abosam yi ɖe eyama me. Tete Yesu gblɔ nɛ bena: Nusi wɔ ge nala la, wɔe kaba.


Menye miawoe liam ke boŋ nyee tia mi, eye meɖo mi anyi, bena miayi aɖatse ku, eye miaƒe kutsetse la nanɔ anyi, bena nusi ke miabia Fofo la le nye ŋkɔa dzi la, ne wòana mi.


Ɖe mietso xexeame la, ne xexeame alɔ̃ ye ŋutɔ tɔ; ke esi mietso xexeame o, hafi boŋ nye la metia nu tso xexeame la, eyaŋuti xexeame le fu lém mi ɖo.


Ŋkeke alesi meli kpli wo le xexeame la, nye la medzra wo ɖo ɖe wò ŋkɔ la me; amesiwo nètsɔ nam la, medzɔ wo ŋu, eye wo dometɔa ɖeke mebu o, negbe tsɔtsrɔ̃vi la koe, bena woawu ŋɔŋlɔ la nu.


eye wokpe Yesu hã kple eƒe nusrɔ̃lawo va srɔ̃ɖeƒe.


Ke Toma, ame wuieveawo dometɔ ɖeka, si woyɔna be Venɔvi la, mele wo dome, esime Yesu va o.


Ke amea ɖewo le mia dome, siwo mexɔna sena o. Elabena Yesu nya tso gɔmedzedzea me wo amesiwo mexɔ edzi se o kple amesi le eyome mɔ fia ge.


Tete Yesu gblɔ na ame wuieveawo bena: Alo miawo hã ɖe miele ɖiɖim be, miadzo mahã?


Ke egblɔ esia le Yuda, Simon Iskariot vi ŋuti, elabena eyae nye amesi le eyome mɔ fia ge, eye wònye ame wuieveawo dometɔ ɖeka.


Miawo la mietso fofo, si nye Abosam la me, eye mia fofo ƒe nudzodzrowo miedina be, miawɔ Eya la amewula wònye tso gɔmedzedzea me, eye mele tsitre ɖe nyateƒe la me o, elabena nyateƒe mele eyama me o. Ne ele aʋatso kam la, eƒoa nu tso eya ŋutɔ ɖokui me, elabena aʋatsokala kple aʋatsokafofo wònye.


Elabena woxlẽe ɖe mia dome, eye wòkpɔ gome le subɔsubɔdɔ sia me.


gblɔ bena: Oo, abosamvi, wò amesi yɔ fũ kple alakpa kpakple nu vɔ̃ɖi wɔwɔ katã, dzɔdzɔenyenyewo katã ƒe ketɔ, ɖe midzudzɔ Aƒetɔ la ƒe mɔ dzɔdzɔewo tɔtrɔ oa?


Nenema ke nyɔnuwo hã nalé wo ɖokui nyuie: Woaganye ameŋuzɔlawo o, woanye amè ɖɔŋuɖowo, nuteƒewɔlawo le nusianu me.


Nenema ke nyɔnu tsitsiwo hã nanɔ anyi, abe alesi wòdze nyɔnu kɔkɔewo ene: Wòaganye ameŋuzɔlawo o, wòaganye aha geɖe nola wo o; ke boŋ woanye nu nyui fialawo,


Amesi ke le nuvɔ̃ wɔm la, eya tso Abosam me; elabena Abosam wɔa nuvɔ̃ tso keke gɔmedzedzea me ke. Esia ŋuti Mawuvi la ɖe eɖokui fia, bene yeagblẽ Abosam ƒe dɔwɔwɔwo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa