Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yohanes 6:68 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

68 Simon Petro ɖo ŋu nɛ bena: Aƒetɔ, ameka gbɔ gɔ̃ míaʋu ayi mahã? Agbe mavɔ nyawo le asiwò.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

68 Simɔn Petro ɖo eŋu nɛ be, “Aƒetɔ, ame ka gbɔ míadzo ayi? Agbe mavɔ nyawo le asiwò.

Onani mutuwo Koperani




Yohanes 6:68
17 Mawu Ofanana  

Amekae le dziƒo nam? Nyemele naneke dim le anyigba dzi kpe ɖe ŋuwò o.


Eye Simon Petro xa edzi gblɔ bena: Wòe nye Kristo, Mawu gbagbe la ƒe vi!


Eye wòbia wo bena: Ke miawo la, ameka miegblɔna bena, menye mahã? Eye Petro ɖo ŋu gblɔ nɛ bena: Wòe nye Kristo la.


Eye wògblɔ na wo bena: Ke miawo la, ameka miegblɔna bena, menye mahã? Eye Petro ɖo ŋu gblɔ bena: Mawu ƒe Kristo la.


Elabena nye la nyemeƒo nu le ɖokuinye si o; ke Fofo, si dɔm ɖa la, eya ŋutɔ na nusi magblɔ kple nusi maƒo la ƒe sem.


Eye menya bena, eƒe se la enye agbe mavɔ. Eyaŋuti nusiwo ƒe nu meƒona, abe alesi Fofo la gblɔ nam ene la, nenema me, ƒoa nui.


elabena nya, siwo netsɔ nam la, metsɔ wo na wo, eye woxɔ wo, eye wonyae vavã bena, gbɔwò medo go tso, eye woxɔe se bena, wòe dɔm ɖa.


Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Amesi le nye nya la Sem, eye wòle amesi dɔm ɖa la dzi xɔm le sesem la, agbe mavɔ le esi, eye mava ʋɔnudɔdrɔ̃ me o, elabena eto ku me yi ɖe agbe la me xoxo.


Elabena esiae nye Fofonye la ƒe lɔlɔ̃nu, bena amesiame, si le Via kpɔm, eye wòle edzi xɔm le sesem la, akpɔ agbe mavɔ, eye nye la mafɔe ɖe tsitre le nuwuwuŋkeke la dzi.


Gbɔgbɔ ta gbɔa agbe, ŋutilã menyo na naneke o; nya, siwo megblɔ na mi la, Gbɔgbɔ kple agbe wonye.


Ŋutsuwo, nɔviwò, Abraham ƒomeviwo kple mia dome amesiwo vɔ̃a Mawu la, miawoe wotsɔ xɔxɔnya sia ɖo ɖa.


Eye menye ame bubua ɖeke me xoxo la le o; elabena ŋkɔ bubua ɖeke mele dziƒoa te, si wona amegbetɔwo, le esi me wòle be, míakpɔ xɔxɔ la le o.


Miheyi, ne míatsi tre agble agbenya siawo katã na dukɔ la le mawuxɔ me.


Eyae nye amesi no ha la dome le gbedzi kple mawudɔla la, esi wòƒo nu ne le Sinai-to ta ŋuti kple mia fofowo, amesi xɔ agbenyawo be, yeana mí;


Eye Filipo gblɔ ne bena: Ne èxɔe; se kple wò dzi blibo la katã la, ekema woɖe mɔ na wò. Eye wòxɔ dzi ne gblɔ bena: Mexɔe se bena, Yesu Kristo enye Mawuvi la.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa