Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yohanes 6:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Azɔ esi Yesu wu eƒe mo dzi, eye wòkpɔ bena, ameha gãa de gbɔna ɖe ye gbɔ la, egblɔ na Filipo bena: Afika míaƒle abolo le, bena amesiawo naɖu mahã?

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

5 Esi Yesu fɔ ta dzi hekpɔ ameha gã aɖe wogbɔna va egbɔ la, ebia Filipo be, “Afi ka míakpɔ nuɖuɖu le ana ameha gã sia woaɖu?”

Onani mutuwo Koperani




Yohanes 6:5
14 Mawu Ofanana  

Afika makpɔ lã atsoe na dukɔ blibo sia? Elabena wole avi fam nam le gbɔgblɔm be: Na lã mí miaɖu!


Eye nusrɔ̃lawo gblɔ nɛ bena: Afika míakpɔ abolo geɖe alea gbegbe atsoe le gbe sia dzi, bena ameha gã sia naɖu aɖi ƒo mahã?


Eye woɖo ʋu dzo heyi ɖe gbedzi, woawo ɖeɖe.


Eye esi apostoloawo tro va la, woxlẽ nusiwo wowɔ la fiae. Eye wòtso wo kpe ɖe eɖokui ŋu hekplɔ wo ɖe aga ɖe dua ɖe, si woyɔna be Betsaida la me.


Esi ŋu gake la, ele didim be, yeayi ɖe Galilea, eye wòkpɔ Filipo; eye Yesu gblɔ nɛ bena: Dze yonyeme.


Ke Filipo tso Betsaida, Andrea kple Petro ƒe du.


Filipo kpɔ Natanael, eye wògblɔ nɛ bena: Míekpɔ Yesu. Yosef vi tso Nazaret, amesi ŋuti woŋlɔ ɖi le le Mose ƒe se la kple nyagblɔɖilawo me.


Natanael gblɔ nɛ bena: Ɖe nu nyuia ɖe ate ŋu atso Nazaret mahã? Filipo gblɔ nɛ bena: Va kpo.


Natanael gblɔ ne bena: Afika nènyam le? Yesu ɖo ŋu gblɔ nɛ bena: Hafi Filipo yɔ wò, esime nèle gbotia te la, mekpɔ wò tso.


Menye miawoe gblɔ bena: Ɣleti ene koe susɔ, eye nuŋeɣi la laɖo o mahã? Kpɔ ɖa, mele egblɔm na mi bena: Miwu miaƒe ŋkuwo dzi, eye miakpɔ agblewo dzi ɖa bena, woƒu xoxo, eye wonyo na ŋeŋe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa