Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yohanes 6:45 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

45 Woŋlɔ de nyagblɔlawo me bena: „Eye wo katã woanye amesiwo Mawu fia nu wo.“ Amesiame, si see le Fofoa gbɔ, eye wòsrɔ̃e la, ava gbɔnye.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

45 Abe ale si woŋlɔe ɖe Nyagblɔɖilawo ƒe agbalẽ me ene la, ‘Mawu afia nu wo katã.’ Ame siwo katã ɖo to Fofo la, eye wosrɔ̃ nyateƒe la le egbɔ la vaa gbɔnye.

Onani mutuwo Koperani




Yohanes 6:45
24 Mawu Ofanana  

Viwòwo katã anye Yehowa ƒe nusrɔ̃viwo, eye viwòwo ƒe ŋutifafa asa gbɔ.


elabena esime wògblɔ be: „Esiae nye nu, si mabia kpli wo le ŋkeke siawo megbe la, Yehowa ye gblɔe: Matsɔ nye seawo ade woƒe dziwo me, eye woƒe tame hã maŋlɔ wo ɖo,


Ke le nɔvilɔlɔ̃ ŋuti la mehiã mi bena, míaŋlɔe aɖo ɖe mi o; elabena Mawu fia mia ŋutɔwo be, mialɔ̃ mia nɔewo;


Eye ɖukɔ geɖewo atso agblɔ bena: „Mina míayi Yehowaƒe to la kple Yakob ƒe Mawu ƒe aƒe la gbɔ, ne wòafia eƒe mɔwo mí, eye míazɔ eƒe toƒewo!“ Elabena nufiame atso Zion, eye Yehowa ƒe nya atso Yerusalem.


Eye dukɔ geɖewo atso agblɔ bena: Mina míayi Yehowa ƒe to la, Yakob ƒe Mawu ƒe aƒe la gbɔ, ne wòafia nu mí le eƒe mawo ŋu, eye míazɔ eƒe toƒewo. Elabena nufiame atso Zion, eye Yehowa ƒe nya atso Yerusalem.


Eye wògblɔ bena: Le esia ta megblɔ na mi bena, amea ɖeke mate ŋu ava gbɔnye o, ne menye ɖe wonae tso Fofonye gbɔ o.


Nusianu, si Fofo la tsɔ nam la, ava gbɔnye, eye amesi vaa gbɔnye la, nyemale eƒu ge gbe akpɔ o.


Esi wogale nuƒoƒo la dzi la, kpo ɖa, alilikpo, si klẽ la, do vɔvɔli ɖe wo dzi; eye kpɔ ɖa, goe tso alilikpo la me gblɔ bena: Amesia enye vinye, si nyemelɔ̃a nu egbɔ o, si dzea ŋunye; miɖo to eyama!


bena mia Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe Mawu, si nye ŋutikɔkɔe Fofo la, nana nunya kple nyaɖeɖefia ƒe Gbɔgbɔ la mi le eƒe sidzedze la me,


Nye alẽwo sea nye gbe, eye nye la menya wo, eye wodzea yonyeme;


Eye wòyɔ ame wuieveawo va egbɔ gblɔ na wo bena: Kpɔ ɖa, mieyina Yerusalem, eye woawu nusiwo katã woŋlɔ ɖi to nyagblɔɖilawo dzi le Amegbetɔvi la ŋuti la nu.


abe alesi wòƒo nu to eƒe nyagblɔɖila kɔkɔe, siwo li tso blema ke la, ƒe nu me ene:


Abe alesi woŋlɔ ɖi le nyagblɔɖila Yesaya ƒe agbalẽ la me ene bena: „Kpo ɖa, mele ye dɔla dɔm ɖo ɖe ŋgɔwò, amesi adzra wò mɔ la ɖo;


Fofonye tso nuwo katã de asi nam; eye amea ɖeke menya Vi la kpɔ o, negbe Fofo la ko; eye amea ɖeke menya Fofo la hã kpɔ o, negbe Vi la ko, kple amesi ke Vi la lɔ̃ bena, yeaɖee afiae.


Ke Mawu trɔ ɖe wo, eye wòtso wo na dziƒoha ƒe subɔsubɔ, abe alesi woŋlɔ ɖe nyagblɔɖilawo ƒe agbalẽ me ene bena: „Israel-ƒeme, alo nyee mietsɔ lã wuwuwo kple numemewo vɛ na le ƒe blanea me le gbedzia?


Azɔ la mikpɔ nyuie, bena nusi wogblɔ ɖi le nyagblɔɖilawo me la, nagava mia dzi o.


Eyaŋuti ame alesi nu le blibo le mía dome la, minɛ míasusu esia ke, eye ne miesusua nu bubu le nane me la, Mawu aɖe esia ke hã afia mi.


Eye miawo la, amisisiname, si miexɔ le egbɔ la, nɔa mia me, eye mehiã mi be, amea ɖeke nafia nu mi o, ke boŋ abe alesi amisisi ma ke fia nu mi le nuwo katã ŋuti ene la, nenema ke hã wònye nyateƒe, eye menye aʋatso o; eye abe alesi wofia mi ene la, minɔ eme nenema ke.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa