43 Yesu ɖo ŋu gblɔ na wo bena: Migali liʋiliʋi le mia nɔewo dome o.
43 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Migalĩ liʋĩliʋĩ be megblɔ nya sia o.
Ke esi Yesu nya eme la, egblɔ bena: Nuka miele ɖi kem le mia nɔewo dome be, mietsɔ abolo ɖe asi o mahã? Mi xɔseʋeetɔwo!
Eye wòva Kapernaum. Esi wòva aƒe me la, ebia wo bena: Nuka miele ɖi kem le mia nɔewo dome le mɔ dzi mahã?
Yesu dze sii bena, wole didim be, yewoabiae, eye wògblɔ na wo bena: Alo esi megblɔ bena: Esusɔ ʋee, eye miele kpo ye ge o, eye wògasusɔ ʋee, eye miakpɔm la, esia ŋutie miele mia nɔewo biam ɖo mahã?
Eye wogblɔ bena: Alo amesia la menye Yesu, Yosef vi la, amesi toto kple dada miawo mienyã lae o ɖe? Azɔ aleke wɔ amesia le gbɔgblɔm bena: Meɖi tso dziƒo va mahã?
Amea ɖeke mate ŋu ava gbɔnye o, ne menye Fofo, si dɔm da lae hee vɛ o, eye nye la mafɔe ɖe tsitre le nuwuwuŋkeke la dzi.
Ke amea ɖewo le mia dome, siwo mexɔna sena o. Elabena Yesu nya tso gɔmedzedzea me wo amesiwo mexɔ edzi se o kple amesi le eyome mɔ fia ge.
eye nuwɔwɔa ɖeke mele ɣaɣla le eƒe ŋku me o; ke boŋ woklo nu le nuwo katã dzi, eye wotsi ƒeƒle le amesi gbɔ miaƒe nya le la ŋku me!