Ke eya do go de asi gbeƒãɖeɖe me lelele kple nya la kaka me ale gbegbe bena, Yesu magate ŋu adze gaglã ayi du me o, ke gbedzi ko wònɔna, eye wotso afisiafi va egbɔ.
Esi ŋu ke, eye ameha la le tsitre le ƒu la ƒe go keme dzi la, wokpɔ bena, ʋu bubua ɖeke megale afima o, negbe ɖeka ko, eye bena Yesu meɖo ʋua kple eƒe nusrɔ̃lawo o, ke boŋ eƒe nusrɔ̃lawo ɖeɖekoe yi, —